Kwa.
, Ted. 9
1. DƆYƆYƆ ƑE TSIWO
a. Taɖodzinu ka tae nuwɔametɔ geɖe yi Yerusalem? Yohanes 5:2, 3 .
b. Dzixɔse kae nɔ ameawo si ku ɖe Betesda-ta la ŋu? Yohanes 5:4 .
“Le ɣeyiɣi aɖewo me la, ta sia ƒe tsiwo ʋuʋuna, eye woxɔe se zi geɖe be ŋusẽ si gbɔ dzɔdzɔmetɔ ŋu gbɔe esia tso, eye be amesiame si adze tsia me gbã le ta la ƒe fuɖename megbe la, woada gbe le dɔléle ɖesiaɖe si le eŋu la me. Fukpela alafa geɖe va srã teƒea kpɔ; gake ameha la lolo ale gbegbe ne tsia tɔtɔ ale gbegbe be woƒu du yi ŋgɔ, nɔ afɔ tum ŋutsuwo, nyɔnuwo, kple ɖeviwo, siwo gbɔdzɔ wu wo ɖokui. Ame geɖe mete ŋu te ɖe ta la ŋu o. Ame geɖe siwo te ŋu ɖo egbɔ la ku le eƒe agbo nu. Wotu bebeƒewo ɖe teƒea ŋu , be woakpɔ dɔnɔwo ta tso dzoxɔxɔ kple zã ƒe vuvɔ me. Ame aɖewo nɔ akpata siawo me zã bliboa, nɔ tsatsam yi ta la to gbesiagbe, kple gbɔdzɔe ƒe mɔkpɔkpɔ dzodzro.”— The Desire of Ages, axa 201.
c. Aleke kadodo si nɔ Yesu kple ŋutsu ɖeka si nɔ ta la gbɔ la dze egɔmee? Yohanes 5:5–7 .
Dzoɖ.
, Ted. 10
2. LÃMETUTUDƆ ƑOMEVI VOVOVOWO
a. Dɔ kae Yesu de se na lãmetututɔ la be wòawɔ si amegbetɔ mate ŋu adzɔ o—eye nukae do tso eme? Yohanes 5:8, 9 (afã gbãtɔ).
“Yesu mebia tso fukpela sia si be wòaxɔ Ye dzi ase o. Ðeko wògblɔna be, ‘Tso, tsɔ wò aba, eye nàzɔ.’ Gake ŋutsua ƒe xɔse lé nya ma me ɖe asi. Lãmetsi kple lãmeka ɖesiaɖe doa dzidzɔ na ame kple agbe yeye, eye nuwɔna si naa lãmesẽ vaa eƒe abɔ kple afɔ siwo nye nuwɔametɔwo dzi. Ðikekemanɔmee la, eɖoa eƒe lɔlɔ̃nu be yeawɔ ɖe Kristo ƒe sedede dzi, eye eƒe lãmekawo katã wɔa nu ɖe eƒe lɔlɔ̃nu ŋu. Esi wòtso ɖe eƒe afɔwo dzi la, ekpɔe be yenye ŋutsu dovevienu.
“Yesu mena kakaɖedzi aɖekee be Mawu nakpe ɖe ye ŋu o. Ðewohĩ ŋutsua atɔ ɖi ɖikeke, eye mɔnukpɔkpɔ ɖeka si su esi be wòada gbe le eŋu la bu. Gake exɔ Kristo ƒe nya dzi se, eye le edziwɔwɔ me la, ekpɔ ŋusẽ.”— The Desire of Ages, axa 202, 203.
b. Gbɔgbɔme nɔnɔme ka mee ame siwo ɖe wo ɖokui ɖa tso Kristo gbɔ la va le? Yesaya 1:5, 6; Romatɔwo 7:24 .
“Le nuvɔ̃ me la, woɖe mí ɖa le Mawu ƒe agbe me. Míaƒe luʋɔwo le lãmetutudɔ lém. Le mía ŋutɔwo gome la, míate ŋu anɔ agbe kɔkɔe abe alesi ŋutsu ŋusẽmanɔsitɔ la te ŋu zɔnae ene o. Ame geɖewo li siwo kpɔa woƒe kpekpeɖeŋumanɔamesi dzea sii, eye gbɔgbɔmegbenɔnɔ ma si ana woawɔ ɖeka kple Mawu la dzroa wo vevie; wole agbagba dzem dzodzro be yewoakpɔe.”—Ibid., axa 203.
c. Nuka koe nye dɔléle sia tɔgbi ƒe atike? Dɔwɔwɔwo 9:34 .
“ Ðela la bɔbɔ ɖe Eƒe ʋu ƒeƒle dzi, hele gbɔgblɔm kple veveseseɖeamenu kple nublanuikpɔkpɔ si womate ŋu agblɔ be, ‘Ðe nàhayaa?’ Egblɔna na wò be nàtso le lãmesẽ kple ŋutifafa me. Mègalala be yease le ye ɖokui me be yezu ame blibo o. Xɔ Eƒe nya dzi se, eye wòava eme. Tsɔ wò lɔlɔ̃nu da ɖe Kristo ƒe akpa dzi. Lɔlɔ̃nu faa be yeasubɔ Eyama, eye le Eƒe nya dzi wɔwɔ me la, àkpɔ ŋusẽ. Nuka kee ɖanye nuwɔna vɔ̃ɖi la o, dzodzro vevi si to ɖokuitsɔtsɔna ɣeyiɣi didi me blaa luʋɔ kple ŋutilã siaa, Kristo te ŋu ɖee eye wòdi vevie be yeaɖe. Ana agbe luʋɔ si ‘ku le vodadawo me’ la. Efesotɔwo 2:1 . Ana ablɔɖe aboyome si gbɔdzɔgbɔdzɔ kple dzɔgbevɔ̃e kpakple nuvɔ̃ ƒe kɔsɔkɔsɔwo lé la.”— Ibid.
Braɖ.
, Ted. 11
3. AZƆLI LE AGBEYEYE NƆNƆ ME
a. Aleke Kristo kpena ɖe mía ŋu míeɖua dzii? Efesotɔwo 2:1–6 .
“Le dzɔdzɔme nu la, amegbetɔ dina be yeawɔ ɖe Satana ƒe aɖaŋuɖoɖowo dzi, eye mate ŋu atsi tre ɖe futɔ dziŋɔ sia ŋu dzidzedzetɔe o negbe ɖe Kristo, Aʋadziɖula sesẽ la, nɔ eme, fia mɔ eƒe nudzodzrowo, eye wòdo ŋusẽe hafi. . . . Satana nya ŋusẽ si ate ŋu anɔ wo si ɖe edzi ne woƒe ŋusẽ le Kristo me la nyuie wu Mawu ƒe amewo. Ne woɖe kuku na Aʋadziɖula kalẽtɔ la ɖokuibɔbɔtɔe be wòakpe ɖe ye ŋu la, nyateƒea dzixɔsela si gbɔdzɔ wu, si ɖoa ŋu ɖe Kristo ŋu vevie la, ate ŋu anya Satana kple eƒe aʋakɔwo katã dzidzedzetɔe.”— Testimonies for the Church, babla 1, axa 341.
“Ele be míasrɔ̃ nu tso Kristo ŋu. Ele be míanya nusi wònye na amesiwo Wòɖe. Ele be míakpɔe adze sii be to Eyama dzixɔxɔse me la, enye mɔnukpɔkpɔ na mí be míanye Mawu ƒe nɔnɔme ƒe gomekpɔlawo, eye ale míasi le gbegblẽ si le xexeame to dzodzro vɔ̃wo me la nu. Ekema woklɔ mí tso nuvɔ̃wo katã me, amenyenye ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo katã me. Mehiã be nuvɔ̃ ƒe nɔnɔme ɖeka nanɔ mía si o. . . .
“Ne míele gome kpɔm le Mawu ƒe nɔnɔme me la, wotsoa nu gbegblẽ wɔwɔ ƒe nɔnɔme siwo nyi dome kple esiwo wotu ɖo la ɖa le amea ŋu, eye wowɔa mí ŋusẽ gbagbe hena nyuiwɔwɔ. Esi míesrɔ̃a nu tso mawume Nufiala la ŋu ɣesiaɣi, míeɖua Eƒe nɔnɔme gbesiagbe ta la, míewɔa nu aduadu kple Mawu le Satana ƒe tetekpɔwo dzi ɖuɖu me. Mawu wɔa dɔ, eye ame hã wɔa dɔ, bena ame nanye ɖeka kple Kristo abe alesi Kristo nye ɖeka kple Mawu ene. Emegbe míenɔa anyi ɖekae kple Kristo le dziƒo teƒewo. Ŋutifafa kple kakaɖedzi nɔa susu me le Yesu me.”— The Review and Herald, April 24, 1900.
b. Ðe ŋutifafa si tsoa ŋusẽ me tso Kristo gbɔ la me. Romatɔwo 8:3–6 .
“Ðevi ɖesiaɖe nɔa agbe ɖe fofoa ƒe agbe nu. Nenye be Mawu viwoe mienye, miedzi to Eƒe Gbɔgbɔ me la, ekema mienɔa agbe ɖe Mawu ƒe agbenɔnɔ nu. . . . [Eye] Yesu ƒe agbenɔnɔ dzena ‘le míaƒe ŋutilã si kuna me’ (2 Korintotɔwo 4:11). Agbe ma si le mewò la ahe nɔnɔme ma ke vɛ eye wòaɖe dɔwɔwɔ mawo ke afia abe alesi wòɖee fia le Eyama me ene. Aleae nàwɔ ɖeka kple Eƒe se ƒe sedede ɖesiaɖe; elabena ‘Aƒetɔ ƒe se la de blibo, eye wògbugbɔa luʋɔ ɖoa anyi.’ Psalmo 19:7, axadzi. To lɔlɔ̃ me la, ‘se la ƒe dzɔdzɔenyenye’ ava eme le mía me, amesiwo mezɔna abe ŋutilã ene o, ke boŋ le Gbɔgbɔ la nu.’ Romatɔwo 8:4.”— Thoughts From The Mount of Blessing , axa 78.
Kuɖ.
, Ted. 12
4. FARISITƆWO ƑE DZIKU
a. Esi Farisitɔwo ŋe aɖaba ƒu yayra si wotsɔ na lãmetututɔ la dzi ta la, nu ka tae Farisitɔwo do dziku? Yohanes 5:9 (akpa mamlɛtɔ), 10.
“Esi [lãmetututɔ si wogbugbɔ ɖo te] tsɔ afɔ sesẽ, si le ablɔɖe me, nɔ Mawu kafum henɔ dzidzɔ kpɔm ɖe eƒe ŋusẽ yeye si ŋu wòke ɖo ta la, edo go Farisitɔ geɖewo, eye wògblɔ eƒe dɔyɔyɔ na wo enumake. Alesi wotsɔ vuvɔ nɔ to ɖom eƒe ŋutinyaa la wɔ nuku nɛ ŋutɔ.
“Wotsɔ ŋgonu bɔbɔ ɖe anyi, wotso nya me nɛ, eye wobia nusita wòtsɔ eƒe aba le Sabat ŋkekea dzi. Woɖo ŋku edzi nɛ vevie be meɖe mɔ be woatsɔ agbawo le Aƒetɔ ƒe ŋkekea dzi o . Le eƒe dzidzɔkpɔkpɔ me la, ŋutsua ŋlɔ be be Sabat ye; ke hã mese le eɖokui me be wobu fɔ ye le esi wòwɔ ɖe Amesi si ŋusẽ ma tɔgbe le tso Mawu gbɔ ƒe sedede dzi o . Eɖo eŋu dzideƒotɔe be, ‘Ame si da gbe le ŋunye la, egblɔ nam bena: Tsɔ wò aba, eye nàzɔ. Wobia be amekae wɔ nusia, gake mete ŋu nya o. Dziɖula siawo nya nyuie be Ame ɖeka koe ɖee fia be yeate ŋu awɔ nukunu sia; gake wodi be woaɖo kpe edzi tẽ be Yesue, bene yewoabu fɔe be enye Sabat-dadala. Le woƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ me la, menye ɖeko wòda se dzi le dɔyɔyɔ na dɔnɔa le Sabat dzi ko o, ke ewɔ vɔsasa le esi wògblɔ nɛ be wòatsɔ eƒe aba dzi.”— The Desire of Ages, axa 203, 204.
b. Nukae Yudatɔwo wɔ tso Sabat la ŋu? Mateo 23:4 .
“Yudatɔwo trɔ gbo se la ale gbegbe be wotsɔe wɔ kluvinyenye ƒe kɔkuti. Woƒe nudidi siwo gɔmesese aɖeke mele o la va zu nya si wogblɔna le dukɔ bubuwo dome. Vevietɔ wotsɔ mɔxexeɖenu ƒomevi ɖesiaɖe si me susu mele o xe mɔ na Sabat la. Menye dzidzɔ, Aƒetɔ la ƒe nu kɔkɔe, kple bubume wònye na wo o. Agbalẽfialawo kple Farisitɔwo tsɔ eɖuɖu wɔ agba si womate ŋu ado dzi atsɔ o. Womeɖe mɔ na Yudatɔ be wòatɔ dzo alo asi akaɖi gɔ̃ hã le Sabat dzi o. Esia wɔe be dukɔa nɔ te ɖe Trɔ̃subɔlawo dzi hena dɔ geɖe siwo woƒe sewo xe mɔ na wo be woagawɔ na wo ɖokui o. Womeɖee fia be ne nuvɔ̃e nuwɔna siawo nye la, amesiwo xɔ ame bubuwo ɖe dɔ me be woawɔ wo la ɖi fɔ abe ɖe woawo ŋutɔwoe wɔ dɔa ene o. Wosusu be Yudatɔwo koe akpɔ ɖeɖe, eye be mɔkpɔkpɔ aɖeke megale ame mamlɛawo katã ƒe nɔnɔmea ŋu xoxo ta la, womate ŋu agblẽ ɖe edzi o. Ke Mawu mede se aɖeke si dzi ame sia ame mate ŋu aɖo o. Eƒe sewo meɖe mɔ ɖe mɔxexeɖenu si me susu mele o alo ɖokuitɔdidi ƒe mɔxeɖenu aɖeke ŋu o.”—Ibid., axa 204.
Yaw.
, Ted.13
5. SABAT KPLEE EƑE TAMEÐOÐO
a. Aleke Yesu do ƒome kple Mawu ƒe sea kple Sabat? Yesaya 42:21 .
“Yesu va be ‘yeado se la ɖe dzi, eye yeana bubu nanɔ eŋu.’ Menye ɖe wòle be wòaɖe bubu si le eŋu dzi akpɔtɔ o, ke boŋ ele be wòadoe ɖe dzi. . . . Eva be yeaɖe Sabat la ɖa tso nudidi sesẽ mawo siwo na wòzu fiƒode le esi teƒe be wòanye yayra la me.”— The Desire of Ages, axa 206.
b. Nukae wòle be woawɔ le Sabat dzi kple nukae mele be woawɔ o? Mose II, 20:8–11 .
“Le ame siwo le fu kpem le ta la to dome la, [Kristo] tia nya vɔ̃ɖitɔ kekeake si dzi wòawɔ eƒe dɔyɔŋusẽ ŋudɔ le, eye wòde se na ŋutsua be wòatsɔ eƒe aba ato dua me, ne wòaɖe gbeƒã dɔ gã si wowɔ ɖe edzi la. Esia ana woabia nya si nye nusi wòle se nu be woawɔ le Sabat dzi, eye wòaʋu mɔ nɛ be wòaƒo nu tsi tre ɖe Yudatɔwo ƒe mɔxexeɖenu siwo ku ɖe Aƒetɔ ƒe ŋkekea ŋu , eye wòagblɔ be woƒe kɔnyinyiwo nye dzodzro.
“Yesu gblɔ na wo be, kpekpeɖeŋunana fukpelawo ƒe dɔa wɔ ɖeka kple Sabat ƒe sea. Ewɔ ɖeka kple Mawu ƒe dɔla siwo le ɖiɖim hele dzi yim ɖaa le dziƒo kple anyigba dome be yewoasubɔ ameƒomea si le fu kpem la ƒe dɔwɔwɔ. . . .
“Eye dɔ aɖe hã le amegbetɔ si wòawɔ le ŋkeke sia dzi. Ele be woakpɔ agbemenuhiahiãwo gbɔ, woakpɔ dɔnɔwo gbɔ, woakpɔ hiãtɔwo ƒe nuhiahiãwo gbɔ . Womabui fɔmaɖila si aŋe aɖaba aƒu fukpekpe dzi ɖeɖe kpɔtɔ le Sabat dzi o. Mawu ƒe dzudzɔgbe kɔkɔe lae wowɔ na amegbetɔ, eye nublanuikpɔkpɔ ƒe nuwɔnawo wɔ ɖeka bliboe kple eƒe tameɖoɖo. Mawu medi be yeƒe nuwɔwɔwo nakpe gaƒoƒo ɖeka ƒe vevesese si dzi woate ŋu aɖe le Sabat alo ŋkeke bubu aɖeke dzi o.”—Ibid., axa 206, 207.
Fiɖ.
, Ted. 14
AME ÐOKUI ƑE NYABIASEWO
1. Dzixɔse kae bɔ ɖe Betesda-ta la ŋu?
2. Nya tɔxɛ kae he Kristo ƒe susu?
3. Aleke woate ŋu ada míaƒe gbɔgbɔme lãmetutudɔa?
4. Nukae do dziku na Yudatɔwo vevie le dɔyɔyɔ nukutɔe la ŋu?
5. Dɔ kawoe wɔ ɖeka kple Sabat ƒe sededea?