Kwa.
, Afɔ. 6
1. AGBENƆNƆ LE KRISTO ƑE ŊUTILÃ KPLE ƲU ME
a. Ŋusẽ kae Kristo ƒe nyawo kpɔ ɖe subɔsubɔhakplɔlawo dzi? Yohanes 6:52 . Nukae wòɖe tso Eƒe ŋutilã kple Eƒe ʋu ŋu? Yohanes 6:53–55.
“Azɔ rabiwo do ɣli kple dziku be, ‘Aleke Ŋutsu sia ate ŋu ana eƒe ŋutilã mí míaɖu? Wokpɔ ŋusẽ ɖe edzi be woase Eƒe nyawo gɔme le gɔmesese ŋutɔŋutɔ ma ke nu abe alesi Nikodemo se egɔmee esime wòbia be, ‘Aleke woate ŋu adzi ŋutsu ne etsi?’ Yohanes 3:4 . Wose gɔmesese si le Yesu ŋu gɔme va se ɖe afi aɖe, gake womelɔ̃ be yewoalɔ̃ ɖe edzi o. Esi womese Eƒe nyawo gɔme bubui o ta la, wokpɔ mɔ be yewoabu nazã ɖe ameawo ŋu ɖe Eyama ŋu.”— The Desire of Ages, axa 389.
b. Nuka tututue wòfia be woaɖu ŋutilã ahano Mawu Vi la ƒe ʋu? Yohanes 6:56, 57; 1 Yohanes 3:24; 5:12.
“Be míaɖu ŋutilã ahano Kristo ƒe ʋu la, enye be míaxɔe abe ame ŋutɔ ƒe Ðela ene, eye míaxɔe ase be etsɔa míaƒe nuvɔ̃wo ke, eye be míede blibo le Eyama me. To Eƒe lɔlɔ̃ kpɔkpɔ me, to edzi nɔnɔ me, to enono me, ye wòle be míazu Eƒe nɔnɔme ƒe gomekpɔlawo. Nu si nuɖuɖu nye na ŋutilã la, ele be Kristo nanye na luʋɔ.” — Ibid., axa 389.
Dzoɖ.
, Afɔ. 7
2. MAWU ƑE NYA
a. Numeɖeɖe bubu kawoe Yesu tsɔ na gɔmesese si le Eƒe nyawo ŋu me kɔ nyuie? Yohanes 6:63.
“Nuɖuɖu mate ŋu aɖe vi na mí o negbe ɖe míeɖui hafi, negbe ɖe wòva zu míaƒe amenyenye ƒe akpa aɖe ko hafi. Eyata asixɔxɔ aɖeke mele Kristo ŋu na mí o ne míenyae be enye ame ŋutɔ ƒe Ðela o. Nukpɔsusu ŋuti sidzedze maɖe vi aɖeke na mí o. Ele be míaɖu Eyama, axɔe ɖe dzi me, ale be Eƒe agbe nazu míaƒe agbe. Ele be woatsɔ eƒe lɔlɔ̃, Eƒe amenuveve, asɔ kple wo nɔewo. . . .
“Kristo ƒe agbe si naa agbe xexeame la le Eƒe nya me. Eƒe nya dzie Yesu da gbe le dɔlélewo ŋu eye wònya gbɔgbɔ vɔ̃wo do goe; to Eƒe nya dzi Ena atsiaƒua fa, eye wòfɔ ame kukuwo ɖe tsitre; eye dukɔ la ɖi ɖase be Eƒe nya la le ŋusẽ me. Egblɔ Mawu ƒe nya, abe alesi wògblɔe to Nubabla Xoxoa me nyagblɔɖilawo kple nufialawo katã dzi ene. Biblia bliboa nye Kristo ƒe ɖeɖefia, eye Ðela la di vevie be yeaɖɔ ye yomedzelawo ƒe xɔse ɖo ɖe nya la dzi. Ne ele be woaɖe Eƒe anyinɔnɔ si wokpɔna ɖa la, ele be nya la nanye woƒe ŋusẽtsoƒe. Abe woƒe Aƒetɔ ene la, ele be woanɔ agbe ɖe ‘nya sia nya si dona tso Mawu ƒe nu me la nu.’ Mateo 4:4 .
“Abe alesi nuɖuɖu léa míaƒe ŋutilãmegbenɔnɔ ɖe te ene la, nenema ke Mawu ƒe nya léa míaƒe gbɔgbɔmegbenɔnɔ ɖe te. Eye ele be luʋɔ ɖe sia ɖe naxɔ agbe tso Mawu ƒe nya la me na eɖokui. Abe ale si wòle be míaɖu nu na mía ɖokui be míakpɔ nunyiame ene la, nenema ke wòle be míaxɔ nya la na mía ɖokui. Mele be míakpɔe to ame bubu ƒe susu dzi ko o. Ele be míasrɔ̃ Biblia nyuie, abia Mawu be wòakpe ɖe mía ŋu tso Gbɔgbɔ Kɔkɔe la gbɔ, ale be míase eƒe nya la gɔme. Ele be míatsɔ kpukpui ɖeka, eye míatsɔ susua aɖo dɔ si nye be míanya susu si Mawu tsɔ de kpukpui ma me na mí la me. Ele be míanɔ tamesusua ŋu vaseɖe esime wòazu mía ŋutɔwo tɔ, eye míanya ‘nusi Aƒetɔ la gblɔ.’ ” — The Desire of Ages, axa 389, 390.
b. Aleke nyagblɔɖila Yeremya ɖɔ nuteƒekpɔkpɔ siae? Yeremya 15:16.
“Ne míexɔ Mawu le eƒe nya nu la, míakpɔ eƒe ɖeɖekpɔkpɔ. . . . Ele be míaxɔ Mawu ƒe nya. Ele be míaɖu nya la, anɔ agbe ɖe nya la nu; enye Mawu Vi la ƒe ŋutilã kple ʋu. Ele be míaɖu Eƒe ŋutilã ahano Eƒe ʋu—míaxɔ Eƒe gbɔgbɔmenɔnɔmewo to xɔse me.”— Testimonies for the Church, babla 6, axa 51, 52
Braɖ.
, Afɔ. 8
3. XAXA LE GƆMEDZEDZE HAME
a. Xaxa kae Kristo ƒe nyawo he vɛ le eya ŋutɔ ƒe nusrɔ̃lawo dome—eye aleke esia nye nuxlɔ̃ame na mí egbea? Yohanes 6:60, 61, 65, 66.
“Dodokpɔa lolo akpa. Amesiwo di be yewoaxɔ Eyama sesẽe ahawɔe fia la ƒe dzonɔameme nu fa. Wogblɔ be nuƒo sia si woƒo le ƒuƒoƒea ʋu ŋku na yewo. Fifia womeble wo o. Le woƒe susu me la, Eƒe nyawo nye nuvɔ̃meʋuʋu tẽ be menye Mesia lae yenye o, eye be mele be woakpɔ anyigba dzi teƒeɖoɖo aɖeke adze sii tso kadodo kplii me o. Woxɔ Eƒe nukunuwɔwɔ ƒe ŋusẽ nyuie kpɔ; wodi vevie be yewoavo tso dɔléle kple fukpekpe me; gake womase veve ɖe Eƒe ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe agbea nu o. Wometsɔ ɖeke le gbɔgbɔmefiaɖuƒe ɣaɣla si ŋu Wòƒo nu tsoe la me o. Anukwaremaɖila, ɖokuitɔdila, siwo di Eyama la, megadzroa Eyama o. Ne matsɔ Eƒe ŋusẽ kple ŋusẽkpɔɖeamedzi axɔ woƒe ablɔɖe tso Romatɔwo gbɔ o la, anye ne womewɔ naneke kplii o. . . .
“To nyateƒenyawo dzi la, wonɔ gbeɖuɖɔa ɖem ɖa tso lu la gbɔ. Esi wonye tofloko eye wobua wo ɖokui ame dzɔdzɔewo akpa be woaka mo na wo, wolɔ̃ xexea akpa be woalɔ̃ ɖe ɖokuibɔbɔ ƒe agbenɔnɔ dzi ta la, wo dometɔ geɖe trɔ megbe de Yesu. Ame geɖe gale nu ma ke wɔm kokoko. Wodoa luʋɔwo kpɔna egbea abe alesi wodo nusrɔ̃la mawo kpɔ le ƒuƒoƒe si le Kapernaum ene. Ne wotsɔ nyateƒea va aƒe me va dzi me la, wokpɔnɛ be yewoƒe agbenɔnɔ mewɔ ɖeka kple Mawu ƒe lɔlɔ̃nu o. Wokpɔnɛ be ehiã be woawɔ tɔtrɔ blibo aɖe le yewo ɖokui me; gake womelɔ̃na be yewoaxɔ ɖokuigbegbedɔa o. Eyata wodoa dziku ne wova ke ɖe woƒe nuvɔ̃wo ŋu. Wodzo kple dziku, abe alesi nusrɔ̃lawo gblẽ Yesu ɖi ene, henɔ liʋiliʋi lim be, ‘Nya sesẽ aɖee nye esia; ame kae ate ŋu asee?’ ” — The Desire of Ages, axa 391, 392.
b. Esi nusrɔ̃la mawo dzo le Eŋu vɔ la, nukae Kristo bia tso ame wuieveawo? Yohanes 6:67 . Aleke míate ŋu agbugbɔ Petro ƒe ŋuɖoɖo si me nunya le la agblɔ egbea? Yohanes 6:68, 69.
“To nyatakaka nyui kple vɔ̃ me, to viviti me, to Satana ƒe dɔwɔƒewo ƒe tsitretsiɖeŋuwo katã me la, Dzɔdzɔenyenye ƒe Ɣe klẽna le dziɖeɖi me, le vɔ̃ dim, tea nuvɔ̃ ɖe to, eye wògbɔa ɖokuibɔbɔlawo kple dzimetɔtrɔwo ƒe gbɔgbɔ ɖe te. ‘Aƒetɔ, ame ka gbɔe míayi? Agbe mavɔ ƒe nyawo le asiwò.’ ” — Testimonies to Ministers, axa 285.
Kuɖ,
Afɔ. 9
4. TSO NUSRƆ̃LAWO DZI VA KE ÐE FUTƆWO DZI
a. Nya kae míate ŋu agblɔ le goawo katã me tso amesiwo trɔ tso Kristo gbɔ ŋu? 1 Yohanes 2:19 . Nɔnɔme dziɖeleameƒo kae nɔ nusrɔ̃la siwo ƒe dzi medzɔ o la si?
“Esi nusrɔ̃la mawo siwo ƒe dzi medzɔ o la trɔ megbe de Kristo la, gbɔgbɔ bubu aɖe va ɖu wo dzi. Womete ŋu kpɔ naneke si dzea ame ŋu le Ame si wokpɔ be edoa dzidzɔ na yewo tsã la ŋu o. Wodi Eƒe futɔwo, elabena wowɔ ɖeka kple woƒe gbɔgbɔ kple dɔwɔwɔ. Woɖe Eƒe nyawo gɔme bubui, woda alakpa ɖe Eƒe nyawo dzi, eye wotsɔ nya ɖe Eƒe susuwo ŋu. Wolé woƒe mɔa ɖe te to nusianu si woate ŋu atrɔ ɖe Eŋu la nuƒoƒoƒu me; eye alakpanyatakaka siawo siwo gblɔ be Eƒe agbe ɖo afɔku me la de dziku ma tɔgbe me.”— The Desire of Ages, axa 392, 393.
b. Nukae dzɔna ɖe nyasela siwo bua ŋutilãmenuwo ŋu dzi? Romatɔwo 16:17, 18.
“Kafukafu kple ameŋububu adze ame ŋu . . . ke nyateƒe la mexɔa ame nyuie o; womete ŋu senɛ o. Ne amehawo dze eyome, eye amehawo ɖu nu, eye wose aʋadziɖuɖu ƒe ɣlidodowo la, woƒe gbe ɖina sesĩe le kafukafu me; ke ne Mawu ƒe Gbɔgbɔ la me dzodzro ɖe woƒe nu vɔ̃ fia, eye wòde se na wo be woagblẽe ɖi la, wotrɔa megbe dea nyateƒe la, eye womegazɔna kple Yesu azɔ o.” — Ibid., axa 392.
c. Tsɔ kpe ɖe amesiwo gblẽ Yesu ɖi ŋu la, amekawo hã va wɔ ɖeka kple Eƒe futɔwo le ememe—eye aleke nuteƒewɔwɔ sia si tso dzi afã me dze? Yohanes 6:70, 71 .
“Kristo ƒe nuƒo si wòƒo le ƒuƒoƒea ku ɖe agbebolo ŋue nye tɔtrɔ gã aɖe le Yuda ƒe ŋutinya me. . . . Ekpɔe be Kristo le gbɔgbɔ me nu nyuiwo nam tsɔ wu be wòatsɔ xexea me nyonyo nam. Ebu eɖokui be enye ame si kpɔa nu didi, eye wòsusu be yeate ŋu akpɔe be bubu aɖeke manɔ Yesu ŋu o, eye be yemate ŋu atsɔ ɖoƒe kɔkɔ aɖeke ana eyomedzelawo o. Eɖoe be yemawɔ ɖeka kple Kristo alea gbegbe o, ke boŋ yeate ŋu adzo. Enɔa ekpɔm. Eye wònɔ ekpɔm nyateƒe.
“Tso ɣemaɣi la, egblɔ ɖikeke siwo tɔtɔ nusrɔ̃lawo. Eto nyaʋiʋliwo kple seselelãme fluamewo vɛ, eye wògbugbɔ gblɔ nya siwo agbalẽfialawo kple Farisitɔwo ƒoe ɖe enu tsɔ tsi tre ɖe Kristo ƒe nyawo ŋu. Kuxi suewo kple gãwo katã kple atitsogawo, kuxi sesẽwo kple mɔxenu siwo dze abe ɖe woxe mɔ na nyanyuia ƒe ŋgɔyiyi ene la, Yuda ɖe egɔme be wonye kpeɖodzi siwo tsi tre ɖe eƒe nyateƒenyenye ŋu.” — Ibid., axa 719.
Yaw.
, Afɔ. 10
5. SIDZEDZE AMESI ADO AME ASI
a. Ƒo nu tso nɔnɔme si nɔ Yuda si ŋu. Yohanes 12:4–6; Lododowo 3:32.
“[Yuda] ato Ŋɔŋlɔawo me mawunyakpukpui siwo me kadodo aɖeke mele kple nyateƒenya siwo Kristo nɔ gbɔgblɔm o la vɛ. Mawunyakpukpui siawo, siwo to vovo tso kadodo si le wo dome gbɔ la, tɔtɔ nusrɔ̃lawo, eye dziɖeleameƒo si nɔ wo tem ɖe edzi ɣesiaɣi la dzi ɖe edzi. Ke hã Yuda ye wɔ nusiawo katã le mɔ si ana wòadze abe dzitsinya ƒe dɔe wònye ene.” — The Desire of Ages, axa 719.
b. Ŋugbedodo ka dzie woɖo kpee zi geɖe le míaƒe mawusubɔsubɔ me nuteƒekpɔkpɔ me—le nɔnɔmewo abe xaxa sia le Galilea ene gɔ̃ hã me? Romatɔwo 8:28.
“Esi Yesu tsɔ nyateƒe si doa ame kpɔ, si na eƒe nusrɔ̃la geɖewo trɔ ɖe megbe la, enya nusi ado tso Eƒe nyawo me; gake nublanuikpɔkpɔ ƒe tameɖoɖo aɖe nɔ esi be wòava eme. Ekpɔe do ŋgɔ be le tetekpɔ ƒe gaƒoƒoa me la, woado yeƒe nusrɔ̃la lɔlɔ̃awo dometɔ ɖesiaɖe kpɔ vevie. Eƒe vevesese le Getsemane, Eƒe alakpadada kple atitsoga, anye na wo be enye xaxa sesẽtɔ kekeake. Ne ɖe womewɔ dodokpɔ aɖeke va yi o la, anye ne ame geɖe siwo ɖokuitɔdidi ƒe susu dzrowo ʋã wo la do ƒome kpli wo. Esi wobu fɔ woƒe Aƒetɔ le ʋɔnudrɔ̃ƒea; esime ameha siwo kafui abe woƒe fia ene la nɔ ɣli dom nɛ hedo vloe; esime ameha si nɔ fewu ɖum la do ɣli be, ‘Klãe ɖe ati ŋu!’—esi woƒe xexemenudidiwo me gblẽ la, to asiɖeɖe le nuteƒewɔwɔ na Yesu ŋu me la, ahe nuxaxa sesẽ aɖe si doa dziku na nusrɔ̃lawo ava nusrɔ̃lawo dzi, tsɔ kpe ɖe woƒe nuxaxa kple dziɖeleameƒo le woƒe mɔkpɔkpɔ viviwo ƒe gbegblẽ ta. Le viviti ƒe gaƒoƒo ma me la, ɖewohĩ amesiwo trɔ tso Eyama ƒe kpɔɖeŋua tsɔ ame bubuwo ɖe asi hafi. Gake Yesu he xaxa sia vɛ esime wòte ŋu to Eya ŋutɔ ƒe anyinɔnɔ dzi do ŋusẽ eyomedzela vavãwo ƒe xɔse kokoko.” — Ibid., axa 394.
Fiɖ.
, Afɔ.11
AME ÐOKUI ƑE NYABIASEWO
1. Aleke wòle be ‘míaɖu Amegbetɔvi la ƒe ŋutilã, eye míano eƒe ʋu’?
2. Nukae wòfia be míakpɔ Yesu?
3. Nu ka tae Kristo ƒe nyawo do dziku na ame aɖewo?
4. Nukae wowɔ emegbe—eye aleke esia nye nuxlɔ̃ame na mí?
5. Ƒo nu tso gbɔgbɔme nɔnɔme si me Yuda nɔ le esia megbe, kple ŋusẽ si wòkpɔ ɖe ame dzi ŋu.