Sabat Vɔsa Gbãtɔ na Duta Dutanyanyuigblɔdɔ aɖe le Pasifik Nutome
Nyanyuigbedasia kaka ƒe dɔa le xexe sia me nye dɔ gã aɖe ŋutɔ, le luʋɔ gbogbo siwo mekpɔ se ɖeɖekpɔkpɔ ŋuti nya nyuia haɖe o ta. Aƒetɔ la ɖe gbeƒãe be “woaɖe gbeƒã fiaɖuƒe ŋuti nyanyui sia le xexeame katã, be wòanye ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã; emegbe nuwuwu la ava” (Mateo 24:14). Mawu lɔ̃ ame biliɔn 7.8 siwo le xexe sia me dometɔ ɖesiaɖe eye wòdi be mɔnukpɔkpɔ nasu wo katã si be woatrɔ ɖe Ye ŋu.
Subɔsubɔha geɖewo le Pasifik nutoa me siwo dometɔ aɖewoe nye Tao-subɔsubɔ, Buddha-subɔsubɔ, Islam kple Kristotɔnyenye; ke hã, wo dometɔ akpa gãtɔ gblɔna be yewomenye mawusubɔlawo alo mawudzimaxɔselawo o. Dɔ gã aɖe li woawɔ le afisia vavã.
“Xexeame katã le ʋuʋu ɖi na nyanyuia. Etiopia le eƒe asiwo kekem ɖe Mawu ŋu. Tso Japan kple China kpakple India, tso mía ŋutɔwo ƒe anyigbagã ƒe anyigba siwo dzi do viviti kokoko dzi, tso míaƒe xexe sia ƒe akpa ɖesiaɖe, dzi siwo nu vɔ̃ ƒo ɖo ƒe ɣlidodo hena lɔlɔ̃ ƒe Mawu la ŋuti sidzedze dona. Ame miliɔn geɖe mese Mawu alo Eƒe lɔlɔ̃ si woɖe fia le Kristo me ŋu nya boo aɖeke kpɔ o. Gome le wo si be woaxɔ sidzedze sia. Woƒe nudidi sɔsɔe le mía si le Ðela la ƒe nublanuikpɔkpɔ me. Eye ele mía siwo xɔ sidzedzea, mía vi siwo míate ŋu atsɔe ana la si be míaɖo woƒe ɣlidodo ŋu.”— Education , axa 262, 263.
Togbɔ be ablɔɖe aɖewo manɔ gbedasia kaka me le go aɖewo me abe bubuwo ene o hã la, nyateƒea kpɔa mɔ yia amegbetɔwo ƒe dzi me eye ɖɔɖɔɖo ƒe gbedasia dzixɔla geɖewo le teƒe siwo màkpɔ mɔ na o. Sabat sia míele biabiam tso mia si be miado gbe ɖa vevietɔ ɖe dɔ sia ta, be Mawu nana wòate ŋu ayi ŋgɔ adzra luʋɔ geɖe ɖo ɖe Eƒe fiaɖuƒe ŋu.
Be nyateƒea nayi ŋgɔ la, mɔnuwo hiã vevie be woakpe ɖe tadeaguƒe aɖe si woatsɔ ado nyateƒea ƒe nya la ɖe ŋgɔ le dɔwɔɖui gã sia ƒe dziehekpa dzi la nanya wɔ. Míele biabiam tso asiwò be nàna nu dɔmenyotɔe.
“Elabena ale si tsidzadza kple sno dzana tso dziƒo, eye megatrɔna yia afima o, ke boŋ edea tsi anyigba, eye wònana wòtsena hetsina, be wòana nuku nukuwula, eye wòana abolo nuɖula la: Nenemae nye nya si ado tso nye nu me, magatrɔ ava gbɔnye dzodzro o, ke boŋ awɔ nusi dze ŋunye la ade goe, eye wòadze edzi le nusi meɖoe ɖa la me” (Yesaya 55:11).
Le nɔviwòŋutsu kple nɔviwònyɔnu siwo le didiƒe ʋĩ la teƒe