Back to top

Sabbath Bible Lessons

Nusɔsrɔ̃wo le Yakobo ƒe Agbalẽa me

 <<    >> 

Ŋgɔdonya

Yakobo ƒe agbalẽa me nyawo le tẽ. Aleke gbegbe míehiã gbedasi siwo le eme fifiae nye si! Eyata le ɣleti etɔ̃ siwo gbɔna me la, Sabat-sukuviwo le xexeame katã aku nu me tsitotsito le Nusɔsrɔ̃wo le Yakobo ƒe Agbalẽa me.

Nya vevi siwo ku ɖe aɖe ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi (le nyui alo vɔ̃ me), toɖoɖo Mawu to xɔse me, gbedodoɖa ƒe ŋusẽ, kple Eliya ƒe kpɔɖeŋu nye nyati vevi ʋɛ aɖewo ko. Nukatae esia katã sɔ egbea alea gbegbe ɖo?

“Nuvɔ̃ si le ɣeyiɣi sia mee nye Mawu ƒe sedede siwo me kɔ la dzi mawɔmawɔ. Ŋusẽ si le ŋusẽkpɔɖeamedzi si le mɔ gbegblẽ nu la lolo ŋutɔ.”— Testimonies for the Church, babla 3, axa 483.

“Migana ame aɖeke naflu eɖokui kple dzixɔse be yeate ŋu azu ame kɔkɔe evɔ yeɖoe koŋ da le Mawu ƒe nudidiwo dometɔ ɖeka dzi o. Nuvɔ̃ si wonya ƒe dɔwɔwɔ nana Gbɔgbɔ la ƒe ɖaseɖiɖigbea zi ɖoɖoe eye wòɖea luʋɔ la ɖa tso Mawu gbɔ. ‘Nuvɔ̃ nye sedzidada.’ Eye ‘amesiame si wɔa nuvɔ̃ [da se dzi] la mekpɔe o, eye menyae hã o.’ 1 Yohanes 3:16.”— The Great Controversy, axa 472.

“Egbea, mokaname sesẽ ƒe gbe hiã; elabena nu vɔ̃ sesẽwo ma dukɔ la ɖa tso Mawu gbɔ. Nuteƒemawɔmawɔ va le atsyã zum kabakaba. Ame akpe geɖe doa gbe be: ‘Ŋutsu sia manɔ mía si wòaɖu fia ɖe mía dzi o. Luka 19:14 . Mawunya siwo woɖea gbeƒãe zi geɖe alea la mewɔa dɔ ɖe ame dzi tegbee o; kpẽa meɖea gbeɖiɖi aɖe ɖi o. Menye Mawu ƒe nya me nyateƒenya ɖaɖɛ siwo me kɔ lae gbãa amegbetɔwo ɖe dzi me o.

“Ame geɖe li siwo gblɔna be Kristotɔwoe yewonye, amesiwo, ne ele be woaɖe woƒe seselelãme ŋutɔŋutɔwo agblɔ la, agblɔ be, Hiahiã kae hiã be woaƒo nu tẽ alea? Woate ŋu abia hã be, Nukatae wòhiã be Yohanes Amenyrɔɖetsimela nagblɔ na Farisitɔwo be, ‘Oo dawo ƒe dzidzime, ameka xlɔ̃ nu mi be miasi le dziku si gbɔna la nu?’ Luka 3:7 . Nukatae wòhiã be wòado dziku na Herodia esi wògblɔ na Herodes be mesɔ be yeanɔ nɔviaŋutsu srɔ̃ gbɔ o? Kristo ƒe ŋgɔdola bu eƒe agbe to eƒe nuƒoƒo si me kɔ me. Nukatae mate ŋu aʋu ayi edzi ne menye amesiwo nɔ nu vɔ̃ me ƒe dziɖeleameƒo vɛ o?

“Eyata ŋutsu siwo wòle be woanɔ tsitre abe Mawu ƒe sea dzikpɔla wɔnuteƒewo ene la ʋli nya, vaseɖe esime ɖoɖowo va xɔ ɖe nuteƒewɔwɔ teƒe, eye woɖe mɔ be nuvɔ̃ nayi edzi kafukafu manɔmee. Ɣekaɣie woagase mokaname nuteƒewɔwɔtɔe ƒe gbe le hamea me ake?”— Prophets and Kings, axa 140, 141.

“Wowɔ ɖoɖo geɖe be Adam ƒe viŋutsu kple vinyɔnu ɖesiaɖe nakpɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu ŋuti sidzedze ɖekaɖeka, ana Kristotɔwo ƒe nɔnɔme nade blibo, eye woakɔ wo ŋu to nyateƒea dzi.”— Testimonies for the Church, babla 2, axa 644.

Míehiã Mawu ƒe kpekpeɖeŋu vavã eye míeka ɖe edzi kɔte be “le gbedodoɖa ɖesiaɖe si wotsɔ xɔse do ɖa le nu sia nu ŋu la, ŋɖoɖowo ava me . Ðewohĩ womava abe alesi míekpɔ mɔe ene o; gake woava, ɖewohĩ abe alesi míeɖoe ene o, ke boŋ le ɣeyiɣi si tututu me míehiã wo vevie la me.”—Ibid., babla 3, axa 209. Amen!

Takpekpe Gã ƒe Sabat Suku Dɔwɔƒe

 <<    >>