Ŋgɔdonya Nusɔsrɔ̃ siwo kplɔ wo nɔewo ɖo siwo míasrɔ̃ le ƒe enelia sia me, si nye “ Azɔlizɔzɔ Kple Yesu, ” la tso agbalẽ si nye Afɔɖeɖewo Yi Kristo gbɔ . Woate ŋu axlẽ esia, ta ɖesiaɖe, abe Ŋɔŋlɔawo me nusɔsrɔ̃wo ŋuti numeɖeɖe ene.Sabat Sukuvi aɖewo aɖo ŋku ɣeyiɣi si me woƒo nu tso nya sia ŋu zi mamlɛtɔ dzi, le ƒe 1980 ƒe ɣleti ene gbãtɔ me.Enye dzidzɔ na mí be míagatsɔe ake kple aɖaŋu yeye kple nya bubuwo, gake nyateƒe goglo mawo ke siwo wogblɔ xoxoxo.Zi geɖe akpa la, amewo bua yewo Fofo si le dziƒo la be enye ame fafa kple adzɔge ʋĩ, ʋɔnudrɔ̃la sesẽ kple nya sesẽ. Woŋea aɖaba ƒua Eƒe lɔlɔ̃ na wo ƒe goglome dzi, kple beléle si le Eƒe dzi me na Viawo katã.Ele be Mawu ƒe lɔlɔ̃ nanye nu gbãtɔ si woaɖe afia. Ekema ele be wòakplɔ nyateƒe si wònye be nuvɔ̃wɔla la nye kpekpeɖeŋumanɔsitɔ kple mɔkpɔkpɔmanɔsitɔ, eye wòhiã Ðela. Kristo, si va be yeaɖe nuvɔ̃wɔlawo ƒe agbenɔnɔ ɖee fia be mɔ si ŋu kakaɖedzi le li si dzi woato atrɔ ayi dziƒofofo la gbɔ.Nyati siwo ŋu nusɔsrɔ̃ siawo ƒo nu tsoe la ku ɖe nuteƒekpɔkpɔ vevi siwo dzɔ le Kristotɔwo ƒe agbenɔnɔ me ŋu eye wotrɔ asi le wo ŋu vevietɔ na xɔsetɔ yeye si le xɔse me si le didim be yeatsi le amenuveve me. Ele be xɔsetɔwo katã nato nyatiawo me tso ɣeyiɣi yi ɣeyiɣi — eye menye na woawo ŋutɔ ƒe viɖe ɖeɖeko o, ke boŋ be woanya mɔ nyuitɔ si dzi woato akpe ɖe ame bubuwo hã ŋu woava Kristo gbɔ hã.Nufiafia me nyateƒeawo ɖeɖefia ɖe ɖoɖo nu ate ŋu ana woase wo gɔme nyuie ahalɔ̃ ɖe wo dzi, eye wòana woaxɔ ame aɖe be wòanye sɔlemeha me tɔ. Gake ne wometsɔ ame ma tɔgbe va do ƒome kple Kristo o la, agbe ŋutɔŋutɔ aɖeke mele esi o — agbe mavɔ. Nyateƒee, amesi “ xɔ Vi la dzi se la koe akpɔ agbe mavɔ ” (Yohanes 3:36).Ele be Gbɔgbɔ la ƒe ɖaseɖiɖi nanɔ Sabat suku me tɔ ɖesiaɖe si kple eya ŋutɔ ƒe gbɔgbɔ be woxɔ yewo ɖe Mawu ƒe ƒomea me vavã. Ele be wo dometɔ ɖesiaɖe nakpɔe adze sii be ele be yewo ŋutɔ yewoƒe kpɔɖeŋu, si nye yewo ŋutɔ yewoƒe ŋuɖoɖo ɖe dziƒofofo la ŋu atraɖii, le ɣeyiɣi ɖesiaɖe me kple le nuwo katã me, nanye nu ŋutɔŋutɔ kple nusi woate ŋu awɔ. Nu geɖe hiã wu amegbetɔ ƒe lɔlɔ̃ si gbɔdzɔ. Wo katã hiã Mawu ƒe lɔlɔ̃ — Mawu ƒe lɔlɔ̃ si me ɖokuitɔmadimadi le — si woƒã ɖe woƒe dzi kple luʋɔ me ale be woate ŋu alɔ̃ abe alesi wòlɔ̃ ene.Neva eme be esia nanye Sabat sukua me tɔ ɖekaɖeka ɖesiaɖe ƒe nuteƒekpɔkpɔ.Takpekpe Gã ƒe Sabat Suku Dɔwɔƒe