Tsitsi Le Kristo Me Kpukpui Srɔ̃gblɔ: “Ne mata avɔ na Zion ƒe konyifalawo, mana atsyɔ̃ɖoɖo wo ɖe dzowɔ teƒe, dzidzɔmi ɖe konyifafa teƒe, atsyɔ̃vɔ ɖe gbɔgbɔ, si nu ti kɔ na teƒe, eye woayɔ wo be „dzɔdzɔenyenye ƒe logotiwo,Yehowa ƒe atibɔ, si wòbe, yeatsɔ ade bubu eɖokui ŋu. ” (Yesaya 61:3).
Nuxexlẽ si wona:
Steps to Christ, ta 8, axa 67–75.
“ Mieɖoa ŋu ɖe Kristo ŋu, bene mianɔ agbe kɔkɔe, abe ale si ko alɔdze si le dzilawo ƒe lãha dzi hena tsitsi kple kutsetse ene.”—Steps to Christ, axa 69.
1. SAFUI SIWO NA TSITSI Kwa, Das 16
a. Aleke Ŋɔŋlɔawo ɖe Kristotɔwo ƒe tsitsi fiae? Yesaya 61:3; 1. Petro 2:2; Efesotɔwo 4:14, 15; Marko 4:26, 27.“ Menye amegbetɔ ƒe nunya kple aɖaŋu katãe ate ŋu ana agbe le nu suetɔ kekeake si le dzɔdzɔme nu me o. Agbe si Mawu ŋutɔ na me koe numiemie alo lã ate ŋu anɔ agbe. Eyata agbe si tso Mawu gbɔ koe wodzia gbɔgbɔme gbenɔnɔ le amegbetɔwo ƒe dzi me.”— Steps to Christ, axa 67.b. Nukae ɖe alesi míeɖoa ŋu ɖe Kristo ŋu hena tsitsi kple nukɔgbededekpɔkpɔ fia? Hosea 14:5 – 7; 1. 1. Korintotɔwo 3:6, 7.“ Le Via ƒe nunana si ɖeke mesɔ kplii o me la, Mawu tsɔ amenuveve ƒe nɔnɔme si nye nu ŋutɔŋutɔ abe ya si le tsatsam le xexeame godoo ene ƒo xlã xexeame katã. Amesiwo katã tiae be yewoagbɔ yame si naa agbe sia la anɔ agbe ahatsi va ɖo ŋutsuwo kple nyɔnuwo ƒe kɔkɔme le Kristo Yesu me.“ Abe alesi seƒoƒo trɔna ɖe ɣe ŋu ene, be keklẽ siwo le keklẽm nakpe ɖe eŋu le eƒe tugbedzedze kple eƒe sɔsɔme bliboe me la, nenema ke wòle be míatrɔ ɖe Dzɔdzɔenyenye ƒe Ɣe ŋu, be dziƒo ƒe kekeli naklẽ ɖe mía dzi, ale be míaƒe nɔnɔme natsi wòazu Kristo ƒe nɔnɔme. ”— Afim., axa 68.
2. MÍAƑE KPEKPEƉEŊUMANƆAMESI ƑE NƆNƆME Dzo, Das 17
a. Nya vevi ka dzie míaƒe Aƒetɔ te gbe ɖo na eƒe nusrɔ̃lawo hafi wòwu Eƒe anyigbadzisubɔsubɔdɔa nu teti? Yohanes 15:4 –7.“ Susu le ame geɖe si be ele be yewoawɔ dɔa ƒe akpa aɖe ɖeɖeko. Woɖo ŋu ɖe Kristo ŋu hena nuvɔ̃ tsɔtsɔke, gake fifia wole didim to woawo ŋutɔ ƒe agbagbadzedze be yewoanɔ agbe nyuie. Gake ele be agbagbadzedze sia tɔgbe ɖesiaɖe nado kpo nu. Yesu gblɔ be, ‘ Nye manɔmee la, miate ŋu awɔ naneke o. ’ Míaƒe tsitsi le amenuveve me, míaƒe dzidzɔkpɔkpɔ, míaƒe viɖekpɔkpɔ — katã nɔ te ɖe míaƒe ɖekawɔwɔ kple Kristo dzi. Enye to hadede kplii me, gbesiagbe, gaƒoƒo sia gaƒoƒo — to anyinɔnɔ dzi le Eyama me — be ele be míatsi le amenuveve me. Menye Gɔ̃meɖola koe wònye o, ke boŋ enye míaƒe xɔse ƒe Nuwula. Kristo enye gbãtɔ kple mamlɛtɔ kpakple amesi li ɣesiaɣi. Ele be wòanɔ mía gbɔ, menye le míaƒe mɔzɔzɔa ƒe gɔmedzedze kple nuwuwu ɖeɖeko o, ke boŋ le mɔa ƒe afɔɖeɖe ɖesiaɖe me”—Steps to Christ, axa 69.“Ne èlɔ̃ be yeasrɔ̃ tufafa kple ɖokuibɔbɔ le Kristo ƒe suku la, ana gbɔɖeme kple ŋutifafa wò godoo. Enye avu sesẽ dziŋɔ aɖe be nàɖe asi le wò ŋutɔ wò lɔlɔ̃nu kple wò ŋutɔ wò mɔ ŋu. Gake nufiame sia si nèsrɔ̃ la, àkpɔ ɖiɖiɖeme kple ŋutifafa. Ele be woaɖu dada, ɖokuitɔdidi, kple ɖoƒe kɔkɔ didi dzi; ele be woami wò lɔlɔ̃nu le Kristo ƒe lɔlɔ̃nu me. Agbe bliboa ate ŋu azu lɔlɔ̃ vɔsa ɖeka madzudzɔmadzudzɔe, nuwɔna ɖesiaɖe anye eɖeɖefia, eye nya ɖesiaɖe azu lɔlɔ̃ gbɔgblɔ. Abe alesi weinka ƒe agbe le tsatsam to ke kple ƒuƒoƒo me, ɖiɖina yia ka siwo le ete me, eye wòɖoa aŋgba si le etame wu gbɔ ene la, nenema kee Kristo ƒe amenuveve kple lɔlɔ̃ atɔ dzoe eye wòasɔ gbɔ ɖe luʋɔ la me, aɖo eƒe nɔnɔme nyuiwo ɖe ame la ƒe akpa ɖesiaɖe, eye wòaxɔ ŋutilã kple susu ƒe kamedede ɖesiaɖe me.”—The SDA Bible Commentary [EG White Comments], babla 5, axa 1091, 1092.b. Nukae nye nya ɣaɣla si le tsitsi le Kristo me? Kolosetɔwo 2:6; Hebritɔwo 10:38 .“ Ètsɔ ɖokuiwò na Mawu be nànye Etɔ bliboe, be nàsubɔe ahaɖo toe, eye nètsɔ Kristo nye wò Ðela. Mète ŋu lé avu ɖe wò nuvɔ̃wo ta alo trɔ wò dzi o; gake esi nètsɔ ɖokuiwò na Mawu la, èxɔe se be Eya ta le Kristo ta wɔ nusiawo katã na wò. To xɔse me nèzu Kristo tɔ , eye to xɔse me ele be nàtsi le Eyama me — to nunana kple xɔxlɔ̃ me. Ele be nàtsɔ nusianu ana — wò dzi, wò lɔlɔ̃nu, wò subɔsubɔdɔ — atsɔ ɖokuiwò ana Eyama be nàwɔ ɖe Eƒe nudidiwo katã dzi; eye ele be nàxɔ wo katã — Kristo, yayra katã ƒe blibonyenye, be wòanɔ wò dzi me, be wòanye wò ŋusẽ, wò dzɔdzɔenyenye, wò kpeɖeŋutɔ mavɔ — be wòana ŋusẽ wò be nàɖo to.”—Steps to Christ, axa 69, 70.
3. GBESIAGBE ƑE ADZƆGBEƉEƉE Bra, Das 18
a. Nukae nye Mawuviwo ƒe dɔ gbãtɔ esime wodze egɔme gbesiagbe? Psalmo 5:3 .“ Tsɔ ɖokuiwò ɖo anyi na Mawu le ŋdi me; na esia nanye wò dɔ gbãtɔ ŋutɔ. Wò gbedodoɖa nanye, ' Xɔm, Aƒetɔ, abe Wò tɔ bliboe ene. Metsɔ nye ɖoɖowo katã da ɖe Wò afɔ nu. Zãm egbea le Wò subɔsubɔ me. Nɔ gbɔnye, eye nawɔ nye dɔwo katã le Wò me. ' Esia nye gbesiagbe nya. Ŋdi sia ŋdi tsɔ ɖokuiwò na Mawu hena ŋkeke ma. Tsɔ wò ɖoɖowo katã de asi nɛ, be woawɔe alo atsɔe ana abe alesi Eƒe nukpɔkpɔ afia ene Aleae nàte ŋu atsɔ wò agbe ade Mawu si me gbesiagbe, eye aleae wò agbe atrɔ asi le eŋu geɖe wu le Kristo ƒe agbenɔnɔ me ”— Steps to Christ, axa 70.b. Amekpekpe kae Kristo le wɔwɔm gbesiagbe? Mateo 11:28, 29 .“ Agbenɔnɔ le Kristo me nye agbe si me gbɔɖeme le. Ðewohĩ seselelãme ƒe dzidzɔkpɔkpɔ aɖeke manɔ anyi o, gake ele be kakaɖedzi si anɔ anyi ɖaa, si me ŋutifafa le nanɔ anyi. Wò mɔkpɔkpɔ mele ɖokuiwò me o; ele Kristo me. Wò gbɔdzɔgbɔdzɔ wɔ ɖeka kple Eƒe ŋusẽ, wò manyamanya na Eƒe nunya, wò gbɔdzɔgbɔdzɔ ɖe Eƒe ŋusẽ si nɔa anyi ɖaa ŋu. Eyata mele be nàkpɔ ɖokuiwò dzi o, menye be nàna susua nanɔ ɖokuiwò ŋu o, ke boŋ nàkpɔ Kristo. Na susua nanɔ Eƒe lɔlɔ̃ dzi, ɖe eƒe nɔnɔme ƒe atsyɔ̃ɖoɖo, blibodede dzi, Kristo le Eƒe ɖokuigbegbe, Kristo le Eƒe dzadzɛnyenye kple kɔkɔenyenye me, Kristo le Eƒe lɔlɔ̃ si ɖeke mesɔ kplii o me – esiae nye nyati na luʋɔ la ƒe ŋugbledede To Eyama lɔlɔ̃, Eyama sɔsrɔ̃ me, si dzi nànɔ te ɖo azu Etɔ le eƒe nɔnɔmetata nu ”— Afim., axa 70, 71.c. Nukae nye nu vevitɔ si ana míakpɔ tamefafa? Yesaya 26:3, 4; 30:15.“ Ame siwo xɔa Kristo le Eƒe nya nu, eye wotsɔa woƒe luʋɔwo dea eƒe dzikpɔkpɔ te, woƒe agbewo dea eƒe ɖoɖowɔwɔ te la akpɔ ŋutifafa kple tomefafa. Xexeame ƒe naneke mate ŋu ana woalé blanui ne Yesu do dzidzɔ na wo to Eƒe anyinɔnɔ me o. Le lɔlɔ̃ ɖe edzi bliboe me la, ɖiɖiɖeme blibo li. . . . Míaƒe agbenɔnɔ ate ŋu adze abe ɖe wòle ʋuʋum ene; gake esi míetsɔ mía ɖokui na Aƒetɔ Dɔwɔla nunyala la, Ahe agbe kple nɔnɔme ƒe kpɔɖeŋu si anye eya ŋutɔ ƒe ŋutikɔkɔe la vɛ.“ Abe alesi míeto Yesu dzi gena ɖe ɖiɖiɖeme me ene la, dziƒo dzea egɔme tso afisia. Míewɔa nu ɖe Eƒe amekpekpea ŋu be, Va, srɔ̃ nu tso ŋunye, eye to esia me la, míedzea agbe mavɔ la gɔme. ”— The Desire of Ages, axa 331.
4. ŊUGBLEDEDE KPENA ÐE TƆTRƆ ŊU Ku, Das 19
a. Nukae dona tso nana be susua nanɔ Yesu ŋu le esi teƒe be wòalé ŋku ɖe ame ɖokui ŋu? 2. 2. Korintotɔwo 3:18 .“Ne míetsɔ xɔse ƒe ŋku lém ɖe Yesu ŋu ɣesiaɣi la, míaxɔ ŋusẽ. Mawu awɔ ɖeɖefia xɔasitɔwo kekeake na Eƒe ame siwo dɔ le wuwum, eye tsikɔ le wuwum. Woakpɔe be Kristo nye ame ŋutɔ ƒe Ðela. Esi wole eƒe nya ɖum la, wokpɔnɛ be gbɔgbɔ kple agbee wònye. Nya la tsrɔ̃ dzɔdzɔme, anyigba dzi nɔnɔme, eye wònaa agbe yeye ame le Kristo Yesu me. Gbɔgbɔ Kɔkɔe la vaa luʋɔ la gbɔ abe Akɔfala ene. To Eƒe amenuveve ƒe tiatiawɔblɔɖe si trɔa ame me la, wogbugbɔa Mawu ƒe nɔnɔme wɔna le nusrɔ̃la la me; eva zua nuwɔwɔ yeye. Lɔlɔ̃ xɔna ɖe fuléle teƒe, eye dzi xɔa Mawu ƒe nɔnɔme.”—The Desire of Ages, axa 391.“Ne susua le eɖokui ŋu la, etrɔna ɖa le Kristo, si nye ŋusẽ kple agbetsoƒe la ŋu. Eyata enye Satana ƒe agbagbadzedze ɣesiaɣi be yeana amewo ƒe susu nadzo le Ðela la gbɔ eye wòato esia me axe mɔ na luʋɔ ƒe ɖekawɔwɔ kple hadede kple Kristo. Xexeame ƒe vivisesewo, agbe me dzimaɖitsitsiwo kple tɔtɔ kple nuxaxa, ame bubuwo ƒe vodadawo, alo wò ŋutɔ wò vodadawo kple blibomademadewo na esiawo dometɔ ɖesiaɖe alo wo katã adi be yeatsɔ ado dzidzɔ na susua. Mègana eƒe ayemɔwo naflu wò o. Ame geɖe siwo léa dzitsinya me ɖe asi vavã, eye wodina be yewoanɔ agbe na Mawu la, eya hã kplɔa ame yia woawo ŋutɔ ƒe vodadawo kple gbɔdzɔgbɔdzɔwo ŋu bum zi geɖe, eye to esia me to wo ɖeɖeɖa tso Kristo gbɔ me la, ele mɔ kpɔm be yeaɖu dzi. Mele be míatsɔ mía ɖokui awɔ titina eye míaƒo mía ɖokui ɖe dzimaɖitsitsi kple vɔvɔ̃ me be míakpɔ ɖeɖe hã o. Esiawo katã trɔa luʋɔ la ɖa le míaƒe ŋusẽtsoƒe ŋu. Tsɔ wò luʋɔ dzi kpɔkpɔ de asi na Mawu, eye nàɖo ŋu ɖe Eyama ŋu. Ƒo nu eye nàbu Yesu ŋu. Na wò ŋutɔ nàbu le Eyama me.”— Steps to Christ, axa 71 72.b. Nukae míate ŋu asrɔ̃ tso tɔtrɔ si va nusrɔ̃lawo dzi le esi wonɔ Kristo gbɔ le gbesiagbe duta nyanyuigbɔgblɔ dɔa me megbe? Dɔwɔwɔwo 4:13 .“ Le [Yesu] kpɔkpɔ atraɖii me la, ‘ míetrɔna zua nɔnɔme ɖeka tso ŋutikɔkɔe me yi ŋutikɔkɔe me, abe alesi Aƒetɔ la ƒe Gbɔgbɔ trɔna ene. ’ 2 Korintotɔwo 3:18 .“Aleae nusrɔ̃la gbãtɔwo va sɔ kple Ðela lɔlɔ̃a. Esi nusrɔ̃la mawo se Yesu ƒe nyawo la, wokpɔe be yewohiã Eyama. Wodi nu, wokpɔe, wodze eyome. Wonɔ Eyama gbɔ le aƒea me, le kplɔ̃ ŋu, le nudzraɖoƒe, le agble me. Wonɔ Eyama gbɔ abe sukuviwo ene kple nufiala, gbesiagbe Ixɔ nyateƒe kɔkɔe ƒe nusɔsrɔ̃wo tso Eƒe nuyiwo gbɔ. Wokpɔ Eyama, abe woƒe aƒetɔ ƒe dɔlawo ene, be yewoasrɔ̃ yewoƒe dɔ. Nusrɔ̃la mawo nye ŋutsuwo ƒe tete na dzodzrowo abe míawo ke ene. ‘Yakobo 5:17. Aʋa ma ke nɔ wo si kple nuvɔ̃ be woawɔ. Wohiã amenuveve ma ke, be woate ŋu anɔ agbe kɔkɔe. ”— Steps to Christ, axa 72, 73.
5. ŊUGBEDODO AƉE NA MÍ Yaw, Das 20
a. Ŋugbedodo wɔnuku kae Yesu gblẽ ɖi na eyomedzela siwo dze ŋgɔ xexe si me fuléle le ƒe kuxiwo? Mateo 28:20 .“ Esi Kristo yi Dziƒo la, Eƒe anyinɔnɔ ƒe seselelãme gakpɔtɔ nɔ eyomedzelawo gbɔ. Enye ame ŋutɔ ƒe anyinɔnɔ, si yɔ fũ kple lɔlɔ̃ kple kekeli. Yesu, Ðela la, amesi zɔ heƒo nu hedo gbe ɖa kpli wo, amesi gblɔ mɔkpɔkpɔ kple akɔfafa na woƒe dziwo la, esime ŋutifafa ƒe gbedasia gakpɔtɔ nɔ Eƒe nuyiwo dzi la, woɖee tso wo gbɔ yi dziƒo, eye eƒe gbe ƒe gbeɖiɖiwo trɔ gbɔ va wo, abe alesi mawudɔlawo ƒe alilikpo xɔe ene — ‘ Kpɔ ɖa, mele mia gbɔ ɖaa vaseɖe xexeame ƒe nuwuwu’ Mateo 28:20”— Steps to Christ, axa 73,74.b. Nufiame vevi kae Yesu gblẽ ɖi na eƒe nusrɔ̃lawo ale be woanya nu si woawɔ ne hiãkame? Yohanes 16:23, 24; 14:16 –18 .“ Esi wova kpe ta le dziƒoyiyi megbe la, wodi vevie be yewoatsɔ yewoƒe biabiawo ayi na Fofo la le Yesu ƒe ŋkɔ me. . . Wodo xɔse ƒe asi ɖe dzi yi dzi kple nyaʋiʋli sesẽ la be, ‘ Kristoe ku, ke boŋ, amesi gafɔ ɖe tsitre, amesi le Mawu ƒe nuɖusi me gɔ̃ hã, amesi hã ɖea kuku ɖe mía ta. ’ Romatɔwo 8:34 . Eye Pentekoste kplɔ Akɔfala la ƒe ŋkume vɛ na wo, amesi ŋu Kristo gblɔ le bena, ' anɔ mia me.' ' Eye wògagblɔ be, ' Enyo na mi be madzo, elabena ne nyemedzo o la, Akɔfala la mava mia gbɔ o; ke ne medzo la, madɔe ɖe mia gbɔ. ’ Yohanes 14:17; 16:7. Tso fifia dzi to Gbɔgbɔ la dzi la, ele be Kristo nanɔ Viawo ƒe dzi me ɖaa. Woƒe ɖekawɔwɔ kple Eyama nɔ kplikplikpli wu esime eya ŋutɔ nɔ wo gbɔ. Kristo si le eme la ƒe kekeli, kple lɔlɔ̃, kple ŋusẽ klẽ to wo me, ale be amewo kpɔe be, ‘ woƒe mo wɔ yaa; eye wokpɔe dze sii be wonɔ Yesu gbɔ kpɔ. ’ Dɔwɔwɔwo 4:13 . ”— Afim., axa 74,75.
AME ƉOKUI ƑE NYABIASEWO Fi, Das 21
1. Ne míele tsitsim abe numiemiewo ene la, nukatae míehiã kpekpeɖeŋu tso dziƒo?2. Abe alesi numiemiewo hiã tsidzadza hafi woate ŋu atsi ene la, nukae míehiã be míate ŋu atsi le Gbɔgbɔ la me?3. Nukae na be gbesiagbe adzɔgbeɖeɖe le vevie na mí ɖekaɖeka?4. Nukatae Mawu di be míaɖe mía ɖokui ɖa le susu me eye míabu Yesu ŋu ɣesiaɣi?5. Ŋugbedodo kae wòle be wòanye nu ŋutɔŋutɔ gbesiagbe le xɔsetɔ ɖesiaɖe ƒe agbe me?