ŊGƆDONYA
Le ƒe sia me la, míasrɔ̃ nu tso Nusɔsrɔ̃ Siwo Le Nyanyuigbalẽa Me Le Yohanes ƒe Nya Nu , ƒe ɣleti etɔ̃ ƒe agbalẽ ene ŋu . Le ɖokuibɔbɔ ta la, nyanyui enelia ŋlɔla meɖe eɖokui fia o, eye meyɔ eɖokui hã be enye nusrɔ̃la eve siwo dze Yesu yome gbã la dometɔ ɖeka o (Yohanes 1:37). Ke boŋ eƒo nu tso “nusrɔ̃la bubu,” “nusrɔ̃la ma,” “nusrɔ̃la . . . ame si wòlɔ̃,” “nusrɔ̃la si Yesu lɔ̃,” kple “nusrɔ̃la si ɖia ɖase le nusiawo ŋu” ( Yohanes 18:15; 19:26; 21:20, 23, 24 ). Nyateƒe si wònye be woyɔ nusrɔ̃la xɔŋkɔ bubuwo ƒe ŋkɔwo evɔ womeɖe Yohanes ƒe ŋkɔ ɖa o la, edze abe eɖee fia be eyae anya ŋlɔ nyanyui ma ene.
Le Nyagblɔɖi ƒe Gbɔgbɔ la ƒe nya nu la, nyanyuigbalẽ enelia ŋlɔlae nye Yohanes, “nusrɔ̃la, si Yesu lɔ̃.” Enye nusrɔ̃la etɔ̃ siwo kpɔ Kristo ƒe ŋutikɔkɔe le nɔnɔmetɔtrɔ toa dzi kple Eƒe vevesese le abɔa me do ŋgɔ teti na eƒe léle la dometɔ ɖeka. Eƒe agbenɔnɔ nye kpɔɖeŋu ɖedzesi aɖe si ɖe alesi Mawu ƒe ŋusẽ ate ŋu atrɔ “dziɖegbevi” keŋkeŋ wòazu lɔlɔ̃ ƒe nɔnɔme kple gbɔgbɔmegɔmesese deto ƒe ŋutsu.
“Yohanes lé ɖe Kristo ŋu abe alesi wainka lé ɖe sɔti gã la ŋu ene. Le eƒe Aƒetɔ ta la, etsɔ dzideƒo ƒo ʋɔnudrɔ̃ƒea ƒe afɔkuwo eye wònɔ atitsoga la ŋu, eye esi wòse nya be Kristo fɔ ɖe tsitre la , ewɔ kaba yi yɔdoa gbɔ, eye le eƒe dzonɔameme me la, eƒo Petro si nye amesi mewɔa nu kabakaba o gɔ̃ hã.
“Lɔlɔ̃ si wogblɔna le nya ɣaɣlawo me kple ɖokuitsɔtsɔna ɖokuitɔmadimadi si dze le Yohanes ƒe agbenɔnɔ kple nɔnɔme me la na nufiame siwo ŋu asixɔxɔ manyagblɔ le na Kristo-hamea. Le dzɔdzɔme nu la, amenyenye ƒe lɔlɔ̃ si me nuteƒekpɔkpɔ si me wòto emegbe ɖe fia la menɔ Yohanes si o. Le dzɔdzɔme nu la, gbɔdzɔgbɔdzɔ gãwo nɔ eŋu. Menye ɖeko wònye dada, ɖokuitɔdila, kple bubudede ame ŋu ƒe didi vevie ko o, ke boŋ ewɔa nu kabakaba, eye wòdoa dziku ne exɔ abi. Woyɔ eya kple nɔviaŋutsu be ‘dziɖegbeviwo.’ Dziku vɔ̃ , hlɔ̃biabia ƒe didi, ɖeklemiɖeɖe ƒe gbɔgbɔ, katã nɔ nusrɔ̃la lɔlɔ̃a me. Gake le esiawo katã te la, mawume Nufiala la de dzesi dzi si me dzo le, si nye anukwareɖiɖi, si me lɔlɔ̃ le. Yesu ka mo na ɖokuitɔdila sia, eɖi gbɔ eƒe didi vevie be yeaxɔ ŋkɔ, edo eƒe xɔse kpɔ. Gake Eɖe nusi eƒe luʋɔ di vevie la fiae—kɔkɔenyenye ƒe atsyɔ̃, lɔlɔ̃ ƒe ŋusẽ si trɔa ame.”— The Acts of the Apostles, axa 539, 540.
Blema dziɖuɖumegãwo katã gblɔ be woŋlɔ Yohanes ƒe nyanyuigbalẽa le Efeso le ƒe D 90 alo esi do ŋgɔ nɛ. Wotsɔ nusrɔ̃la la de ami ƒoƒo ƒe ze me eye wòsi le ku nu le nukumɔ nu, eye emegbe wonyae yi Patmo ƒukpo dzi (Nyaɖeɖefia 1:9). Afimae wòŋlɔ Nyaɖeɖefia la le. Nerva ƒe fiazikpui dzi yiyi ( AD 96) na wòte ŋu trɔ yi Efeso, afisi woxɔe se be eyi edzi nɔ vaseɖe esime wòku le Trajan ƒe dziɖuɣi ( AD 98–117 ƒe agbalẽa me).
Kristo ƒe Gbɔgbɔ nafia mɔ míaƒe nusɔsrɔ̃wo le ƒe enelia sia me, eye wòaka míaƒe dziwo le Eƒe lɔlɔ̃ ŋuɖoɖo me!
Takpekpe Gã ƒe Sabat Suku Dɔwɔƒe