Back to top

Sabbath Bible Lessons

Nusɔsrɔ̃ Siwo Le Nyanyuigbalẽa Me Le Yohanes ƒe Nya Nu (Akpa 1)

 <<    >> 
Nusɔsrɔ̃ 2 Sabat, Dzove 11, 2025

Mawu ƒe Alẽvi la

Kpukpui Srɔ̃gblɔ : “Wowɔ fui, ke ebɔbɔ eɖokui eye meke nu o; abe alẽ, si wokplɔ yina wuwu ge, kple alẽvi, si li kpoo le eƒe fukolawo ŋku me ene la, nenema eya hã meke nui o. ” (Yesaya 53 :7).

“Nuvɔ̃wɔla si trɔ dzime la natsɔ eƒe ŋku aɖo ‘Mawu ƒe Alẽvi, si ɖea xexeame ƒe nuvɔ̃ ɖa’ la ŋu. ”— The Faith I Live By , axa 107.

Nuxexlẽ siwo wona:   The Desire of Ages, axa 132–143. 

Kwa. , Dzov. 5

1. YOHANES AMENYRƆLA ƑE ÐASEÐIÐI

a. Nukae Yohanes Amenyrɔɖetsimela ɖe gbeƒã tso Yesu ŋu? Yohanes 1:15–18 .

b. Aleke Yohanes ɖe eɖokui fia subɔsubɔhakplɔlawo? Yohanes 1:19–23 . Nyagblɔɖi kae va eme—eye aleke míase egɔmee? Yesaya 40:3–5 .

“Le anyigba sia ƒe ŋutinya ƒe akpa ɖesiaɖe me la, Mawu na Eƒe dɔwɔƒewo be woayi Eƒe dɔa dzi, si wòle be woawɔ le Eƒe mɔ si wòɖo la nu. Dɔ tɔxɛ aɖe nɔ Yohanes Amenyrɔɖetsimela si, si ta wodzii ɖo eye woɖoe nɛ—si nye Aƒetɔ la ƒe mɔ dzadzraɖodɔ. . . .

“[Eƒe gbedzisubɔsubɔdɔa] nye nyagblɔɖi ƒe emevava ŋutɔŋutɔ si wɔ nuku ŋutɔ.”— The Southern Watchman, March 21, 1905.

“Aƒetɔ tsɔ eƒe gbedasi na [Yohanes Amenyrɔɖetsimela]. Ðe wòyi nunɔlawo kple dziɖulawo gbɔ va biae be yeate ŋu aɖe gbeƒã gbedasi sia hã?—Ao, Mawu ɖee ɖa le wo gbɔ ale be woƒe gbɔgbɔ kple nufiafia nagakpɔ ŋusẽ ɖe edzi o. Enye ame aɖe si nɔ ɣli dom le gbea dzi ƒe gbe, [Woyɔ Yesaya 40:3–5]. Esiae nye gbedasi si tututu wòle be woatsɔ ana míaƒe amewo; míegogo ɣeyiɣi ƒe nuwuwu, eye gbedasi lae nye, Mikɔ Fia la ƒe mɔ gã la ŋu; miƒo kpeawo nu ƒu; do dzidzenu aɖe ɖe dzi na ameawo. Ele be woanyɔ ameawo. Menye ɣeyiɣia de fifia be míafa avi le ŋutifafa kple dedienɔnɔ me o.”— Selected Messages, bk. 1, axa 410.


Dzoɖ. , Dzov. 6

2. VƆSA ƑE DƆGBEDEDE AƉE

a. Esi Yesu va Yohanes gbɔ be yeaxɔ nyɔnyrɔ la, aleke Yohanes wɔ de dzesii eye wòɖi ɖase le Eƒe dɔdasi si wòwɔ na amewo ŋu? Yohanes 1:29, 34. Nyagblɔɖi kae va eme? Yesaya 53:4–7 .

“Kristo nye amegbetɔ ƒe Ðela le xexeame ƒe gɔmedzedze abe alesi wòle egbea ene. Hafi wòado eƒe mawunyenye kple amegbetɔƒomea eye wòava míaƒe xexeame la, Adam, Set, Henox, Metusala, kple Noa ye tsɔ nyanyuigbedasia na. Abraham si nɔ Kanaan kple Lot si nɔ Sodom tsɔ gbedasia, eye tso dzidzime yi dzidzime la, dɔla wɔnuteƒewo ɖe gbeƒã Ame si gbɔna la. Kristo ŋutɔe ɖo Yudatɔwo ƒe ganyawo ƒe kɔnuwɔwɔwo anyi. Eyae nye woƒe vɔsasa ƒe ɖoɖoa ƒe gɔmeɖoanyi, si nye woƒe mawusubɔsubɔdɔwo katã ƒe kpɔɖeŋu gã. Ʋu si kɔ esime wonɔ vɔawo sam la fia asi Mawu ƒe Alẽvi la ƒe vɔsa. Wowu kpɔɖeŋuvɔsawo katã nu le Eyama me.”— Christ’s Object Lessons, axa 126.

b. Aleke Yohanes ɖe Yesu fia eƒe nusrɔ̃lawo? Yohanes 1:35, 36. Ŋusẽ kae eƒe nyawo kpɔ ɖe wo dzi—eye nukae dzɔ emegbe le eya ŋutɔ ƒe agbe me? Yohanes 1:37 .

“Le ŋufɔke [le Kristo ƒe nyɔnyrɔxɔxɔ megbe], esime nusrɔ̃la eve nɔ tsitre ɖe afima la, Yohanes gakpɔ Yesu le ameawo dome. Nyagblɔɖila la ƒe mo gaklẽ kple ŋutikɔkɔe tso Nu Makpɔmakpɔ gbɔ, esi wònɔ ɣli dom be, ‘Kpɔ ɖa, Mawu ƒe Alẽvi la!’ Nyaawo do dzidzɔ na nusrɔ̃lawo ƒe dzi. Womese wo gɔme bliboe o. Nukae fia ŋkɔ si Yohanes tsɔ nɛ—‘Mawu ƒe Alẽvi’? Yohanes ŋutɔ meɖe eme kpɔ o. Esi wogblẽ Yohanes ɖi la, woyi Yesu di ge.”— The Desire of Ages, axa 138.

“Yohanes na eƒe nusrɔ̃lawo nya be Yesue nye Mesia si ŋugbe wodo, si nye xexeame Ðela . Esi eƒe dɔa nɔ nuwuwu wum la, efia eƒe nusrɔ̃lawo be woakpɔ Yesu, eye woadze eyome abe Nufiala Gã la ene. Yohanes ƒe agbe nye nuxaxa eye wògbe nu le eɖokui gbɔ. Eɖe gbeƒã Kristo ƒe vava gbãtɔ, gake womeɖe mɔ nɛ be wòakpɔ Eƒe nukunuwo teƒe, eye wòase vivi na ŋusẽ si Eɖe fia o. Esi wòle be Yesu naɖo eɖokui anyi abe nufiala ene la, Yohanes nyae be ele be ye ŋutɔ yeaku. Ƒã hafi wosea eƒe gbe, negbe le gbedadaƒo ko. Eƒe agbenɔnɔ nye akogotsitsi. Meku ɖe fofoa ƒe ƒomea ŋu, be yease vivi na woƒe hadomegbenɔnɔ o, ke boŋ egblẽ wo ɖi be yeawɔ yeƒe dɔdasi la ade goe.”— Early Writings, axa 154.


Braɖ. , Dzov.7

3. YESU ƑE NUSRƆ̃LA GBÃTƆWO

a. Amekawoe nye Yesu ƒe nusrɔ̃la gbãtɔ aɖewo? Mateo 4:18, 21. Ðetsɔleme kae woɖe fia ɖe Kristo ŋu eye ɣeyiɣi didi kae wodo go kplii zi gbãtɔ? Yohanes 1:38, 39 .

“[Ame eve siwo kplɔ Yesu ɖo] dometɔ ɖekae nye Andrea, Simon nɔvi; eveliae nye Yohanes nyanyuigblɔla. Ame siawoe nye Kristo ƒe nusrɔ̃la gbãtɔwo. Dzesi aɖe si ŋu womate ŋu axe mɔ ɖo o ʋã wo wodze Yesu yome—wotsi dzi be yewoaƒo nu kplii, evɔ wovɔ̃ eye wozi ɖoɖoe, eye wobu le vevienyenye si gbɔ eme si le susu si nye, ‘Mesia lae nye esia ?’ la me?

“Yesu nya be nusrɔ̃lawo le ye yome tim. Woawoe nye Eƒe subɔsubɔdɔa ƒe kutsetse gbãtɔwo, eye dzidzɔ nɔ Mawu Nufiala la ƒe dzi me esime luʋɔ siawo nɔ eƒe amenuveve ŋu ɖom. Ke hã esi wòtrɔ la, ebia ko be, ‘Nuka dim miele ?’ Agblẽ wo ɖi faa be woatrɔ ɖe megbe alo aƒo nu tso woƒe didi ŋu.

“Taɖodzinu ɖeka koe nɔ wo ŋu. Anyinɔnɔ ɖeka yɔ woƒe susu me fũ. Wodo ɣli be, ‘Rabi, . . . afisi wonɔna Wòe ?' Le gbebiame kpui aɖe si wowɔ le mɔa to me la, womete ŋu xɔ nusi wodi vevie o. Wodi vevie be yewo ɖeɖe yewoanɔ Yesu gbɔ, anɔ anyi ɖe Eƒe afɔ nu, eye yewoase Eƒe nyawo. . . .

“Ne ɖe nunɔlawo kple dziɖulawo ƒe dzimaxɔsegbɔgbɔ le Yohanes kple Andrea si la, anye ne womekpɔ wo abe nusrɔ̃lawo ene le Yesu ƒe afɔ nu o. Anye ne wova Egbɔ abe ɖeklemiɖelawo ene, be yewoadrɔ̃ ʋɔnu Eƒe nyawo. Ame geɖe to esia me doa mɔnukpɔkpɔ xɔasitɔwo kekeake ƒe ʋɔtru. Gake menye nenemae nusrɔ̃la gbãtɔ siawo wɔ o. Woɖo Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe yɔyɔ ŋu le Yohanes Amenyrɔɖetsimela ƒe gbeƒãɖeɖe me. Fifia wokpɔ dziƒo Nufiala la ƒe gbe dze sii. Le woawo gome la, Yesu ƒe nyawo yɔ fũ kple nu yeye kple nyateƒe kpakple atsyɔ̃ɖoɖo. Woklẽ kekeli si tso Mawu gbɔ ɖe Nubabla Xoxoa me Ŋɔŋlɔawo ƒe nufiafia dzi. Nyateƒe ƒe tanya siwo le akpa vovovowo me la ɖe dzesi le kekeli yeye me.”— The Desire of Ages, axa 138, 139.

b. Nukae nusrɔ̃la gbãtɔwo wɔ le Yesu do go megbe kpuie? Yohanes 1:41, 42 .

“Andrew di be yeana dzidzɔ si yɔ yeƒe dzi me. Esi wòyi nɔvia Simon dim la, edo ɣli be, ‘Míeke ɖe Mesia la ŋu .’ Simon melala be yemagaƒlee zi evelia o. Ese Yohanes Amenyrɔɖetsimela ƒe gbeƒãɖeɖe hã, eye wòwɔ kaba yi Ðela la gbɔ .”—Ibid., axa 139.


Kuɖ, Dzov. 8

4. AME NUKPƆSUSU ƉEƉEƉA

a. Gblɔ nusi dzɔ esime Yesu kpe nusrɔ̃la si kplɔe ɖo be wòadze ye yome. Yohanes 1:43–45 .

“Filipo wɔ ɖe sededea dzi, eye enumake wòzu dɔwɔla na Kristo. Filipo yɔ Natanael.”— The Desire of Ages, axa 139.

b. Nukae míate ŋu asrɔ̃ tso ale si Kristo te ŋu ɖu Natanael ƒe heheɖemegbea dzi? Yohanes 1:46–49 .

“Esi Natanael nɔ ŋku lém ɖe Yesu ŋu la, dzi ɖe le eƒo. Ðe ŋutsu sia si ŋu agbagbadzedze kple ahedada ƒe dzesiwo le la ate ŋu anye Mesia la? Ke hã Natanael mete ŋu tso nya me be yeagbe Yesu o, elabena Yohanes ƒe gbedasia na kakaɖedzi va ɖo eƒe dzi me.

“Le ɣeyiɣi si me Filipo yɔe la, Natanael trɔ yi ave aɖe si me tomefafa le me be yeade ŋugble le Yohanes ƒe gbeƒãɖeɖe kple nyagblɔɖi siwo ku ɖe Mesia la ŋu la ŋu. Edo gbe ɖa be ne amesi Yohanes ɖe gbeƒãe lae nye xɔnametɔ la, woana wòanyae, eye Gbɔgbɔ Kɔkɔe la nɔ edzi kple kakaɖedzi be Mawu va srã yeƒe amewo kpɔ eye wòfɔ ɖeɖekpɔkpɔ ƒe kpẽ ɖe dzi na wo. . . .

“ ‘Yesu ɖo eŋu nɛ bena: Hafi Filipo nayɔ wò, esime nènɔ gboti te la, mekpɔ wò.

“Esɔ gbɔ. Mawu ƒe Gbɔgbɔ si ɖi ɖase na Natanael le eƒe gbedodoɖa ɖeka kolia me le gboti la te la ƒo nu nɛ azɔ le Yesu ƒe nyawo me. Togbɔ be ɖikeke nɔ Natanael ŋu, eye wòɖe asi le nazãbubu ŋu vie hã la, nyateƒe ƒe didi anukwaretɔe va Kristo gbɔ, eye fifia eƒe didia va ɖo. Eƒe xɔse de ŋgɔ wu amesi kplɔe va Yesu gbɔ la tɔ. Eɖo eŋu be, ‘Rabi, Wòe nye Mawu ƒe Vi; Wòe nye Israel ƒe Fia.’

“Ne ɖe Natanael ɖo ŋu ɖe rabiwo ŋu be woafia mɔ ye la, anye ne makpɔ Yesu gbeɖe o. To ekpɔkpɔ kple ʋɔnudɔdrɔ̃ le eɖokui si me wòzu nusrɔ̃la. Eyata le ame geɖe siwo li egbea siwo nazãbubu xea mɔ na nyuiwɔwɔ gome la gome. Aleke gbegbe emetsonua ato vovoe nye si ne ‘wova kpɔe’!

“Togbɔ be woɖoa ŋu ɖe amegbetɔ ƒe ŋusẽ ƒe mɔfiafia ŋu hã la, wo dometɔ aɖeke mava ɖo nyateƒea ŋuti sidzedze xɔnametɔ gbɔ o. Abe Natanael ene la, ehiã be mía ŋutɔwo míasrɔ̃ Mawu ƒe nya, eye míado gbe ɖa abia Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe kekeli. Ame si kpɔ Natanael le gboti la te la akpɔ mí le gbedodoɖa ƒe adzame. Mawudɔla siwo tso kekeli ƒe xexeame te ɖe amesiwo le ɖokuibɔbɔ dim tso Mawu ƒe mɔfiafia me ŋu.”—Ibid., axa 139–141.


Yaw. , Dzov. 9

5. DZIƑO SI ƲU

a. Nukae Kristo do na Natanael—eye nu ka tae? Yohanes 1:50, 51 .

“[Yohanes 1:50, 51 ƒe nyayɔyɔ.] Le afisia la, Kristo gblɔ kloe be, Dziƒowo ʋu le Yordan-tɔsisia to, eye Gbɔgbɔ la ɖiɖi va dzinye abe ahɔnɛ ene. Nukpɔkpɔ ma nye dzesi aɖe ko be Mawu ƒe Vie menye. Ne miexɔ Nye dzi se nenema la, miaƒe xɔse agbɔ agbe. Àkpɔe be dziƒowo ʋu, eye mele be woatu gbeɖe o. Meʋu wo na wò. Mawu ƒe dɔlawo le dzi yim, le hiãtɔwo kple nuxaxa ƒe gbedodoɖawo tsɔm na Fofo si le dziƒo, eye wole ɖiɖim, hele yayra kple mɔkpɔkpɔ, dzideƒo, kpekpeɖeŋu kple agbe hem vɛ na amegbetɔviwo.”— The Desire of Ages, axa 142, 143.

b. Nukae dzɔna ne míexɔ Kristo? Yohanes 4:14; Nyaɖeɖefia 22:17 .

“Ne ame aɖe xɔ nyateƒe la le eƒe lɔlɔ̃ me la, ana esia nadze le eƒe nɔnɔme kple eƒe gbe ƒe ɖiɖime ƒe kakaɖedzi me. Ena wonya nu si eya ŋutɔ se, kpɔ, eye wòkpɔ egbɔ le agbenya la ŋu, ale be ame bubuwo nade ha kplii to Kristo ƒe sidzedze me. Eƒe ɖaseɖiɖi, tso nuyi siwo wotsɔ dzoka gbagbe si tso vɔsamlekpuia dzi ka asi me, nye nyateƒe na dzi si xɔa nya la, eye wòwɔa kɔkɔenyenye ɖe nɔnɔmea dzi. . . .

“Mawu ate ŋu aɖo Eƒe taɖodzinu gbɔ le nuvɔ̃wɔlawo ɖeɖe me míaƒe kpekpeɖeŋu manɔmee hafi; gake hafi míate ŋu atu nɔnɔme si le abe Kristo tɔ ene ɖo la, ele be míakpɔ gome le Eƒe dɔa me. Hafi míate ŋu age ɖe Eƒe dzidzɔkpɔkpɔ me—dzidzɔ si wònyena ne míekpɔ luʋɔ siwo woɖe to Eƒe vɔsa la me—la, ele be míakpɔ gome le Eƒe agbagbadzedzewo me hena woƒe ɖeɖekpɔkpɔ.”—Ibid., axa 142.


Fiɖ, Dzov. 10

AME ÐOKUI ƑE NYABIASEWO

1. Nu ka tae woyɔ Yohanes Amenyrɔɖetsimela la yi gbea dzi?

2. Aleke wòle be míatsɔ Yohanes Amenyrɔɖetsimela ƒe agbenɔnɔ awɔ dɔe le mía ŋutɔwo tɔ gome?

3. Nukae míate ŋu asrɔ̃ tso Yohanes kple Andrea gbɔ esime wodo go Yesu?

4. Aleke Natanael ƒe gbeƒãɖeɖe gbãtɔa ate ŋu aʋã mí?

5. Nukae ɖee fia nenye be nye xɔse le Kristo me nye nyateƒe alo menye nyateƒe o?

 <<    >>