Kwa.
, Dzod. 23
1. AGBENYE YEYEA, NU YEYE GBÃTƆWO
a. Esi Samaria nyɔnua kpɔe dze sii be Yesue nye Mesia la, nukae wòwɔ enumake? Yohanes 4:28, 29 .
“Dzidzɔ yɔ nyɔnua me fũ esi wònɔ to ɖom Kristo ƒe nyawo. Nyaɖeɖefia wɔnuku la ɖu ame dzi kloe. Esi wògblẽ eƒe tsizea ɖi , etrɔ yi dua me, be yeatsɔ gbedasia ayi na ame bubuwo. Yesu nya nu si tae wòyi. Dzodzo le eƒe tsizea me ƒo nu ɖikekemanɔmee le ŋusẽ si Eƒe nyawo kpɔ ɖe ame dzi ŋu. Enye eƒe luʋɔ ƒe didi vevie be yeakpɔ tsi gbagbe la; eye wòŋlɔ eƒe dɔdasi yi vudoa gbɔ be, eŋlɔ Ðela la ƒe tsikɔwuame be, si wòɖo be yeana. Esi dzi yɔ fũ kple dzidzɔ la, ewɔ kaba zɔ mɔ, be yeana kekeli xɔasi si wòxɔ la ame bubuwo.”— The Desire of Ages, axa 191.
b. Nukae Sixar nɔlawo wɔ esi wose wo havi ƒe ɖaseɖiɖi? Yohanes 4:30 .
“[Nyɔnu la ƒe] nyawo wɔ dɔ ɖe woƒe dzi dzi. Modzakaɖeɖe yeye aɖe dze le eƒe mo, si nye tɔtrɔ le eƒe dzedzeme bliboa me. Wotsɔ ɖe le Yesu kpɔkpɔ me.”— Ibid.
Dzoɖ.
, Dzod. 24
2. NUŊLẼŊLẼ KPLEE NUŊLẼLAWO
a. Esi Yesu kpɔ Sixar nɔlawo wogbɔna la, nya kae wògblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo? Yohanes 4:35–38 .
“ ‘Amesi le nuŋem ,’ Egblɔ be, ‘ xɔ fetu, eye wòƒoa kutsetse nu ƒu hena agbe mavɔ, ale be ame si ƒãa nu kple amesi ŋea nu siaa nakpɔ dzidzɔ ɖekae. Eye nya ma nye nyateƒe be, Ðeka ƒãa nu , eye ame bubu ŋea nu .’ Le afisia la, Kristo he susu yi subɔsubɔdɔ kɔkɔe si ame siwo xɔa nyanyuia nyi na Mawu la dzi. Ele be woanye Eƒe dɔwɔƒe gbagbewo. Ebia be woasubɔ ame ɖekaɖekawo. Eye ne míeƒã nu alo ŋe nu o, míele dɔ wɔm na Mawu. Ame ɖeka kakaa nukua; bubu ƒoa ƒu le nuŋeɣi; eye nukuwula kple nuŋela siaa xɔa fetu. Wokpɔa dzidzɔ ɖekae le woƒe agbagbadzedze ƒe fetu ta.”— The Desire of Ages, axa 191, 192.
b. Dɔ kae nyɔnua ƒe ɖaseɖiɖi tso Kristo ŋu kpɔ ɖe ame dzi—eye nukae míate ŋu asrɔ̃ tso ŋusẽ si wòkpɔ ɖe ame dzi la me? Yohanes 4:39 .
“Ne míewɔ ɖeka kple Kristo la, Kristo ƒe tamesusu nɔa mía si. Dzadzɛnyenye kple lɔlɔ̃ klẽna le nɔnɔmea me, tufafa kple nyateƒe kpɔa ŋusẽ ɖe agbea dzi. Wotrɔa mo ƒe dzedzeme ŋutɔŋutɔ. Kristo si nɔa luʋɔ me la wɔa ŋusẽ si trɔa ame, eye gotagome gome la ɖia ɖase le ŋutifafa kple dzidzɔ si ɖua dzi le ememe ŋu. Míenoa nu le Kristo ƒe lɔlɔ̃ me, esime alɔ la le nunyiame hem tso weinka me. Ne wodo mí ɖe Kristo me, ne wotsɔ ka to ka dzi míewɔ ɖeka kple Weingble Gbagbe la, míaɖo kpe nyateƒea dzi to atikutsetse gbagbe gbogbo aɖewo dzidzi me. Ne míedo ƒome kple Kekeli la, míanye kekeli ƒe mɔwo, eye le míaƒe nyawo kple dɔwɔwɔwo me la, míaɖe kekeli afia xexeame. . . .
“To ekpɔkpɔ me la, ele be míatrɔ; eye esi míele ŋugble dem le Mawu ƒe Kpɔɖeŋu ƒe blibodede ŋu la, míadi be míatrɔ bliboe, eye míawɔ yeye le Eƒe dzadzɛnyenye ƒe nɔnɔme me. Mawu Vi la dzixɔxɔse mee tɔtrɔ va le nɔnɔmea me, eye dzikuvi la zua Mawu ƒe vi. Etso ku me yia agbe me; eva zua gbɔgbɔmeme eye wòdea dzesi gbɔgbɔmenuwo. Mawu ƒe nunya klẽna ɖe eƒe susu me, eye wòkpɔa nu wɔnukuwo tso Eƒe sea me. Abe alesi nyateƒea trɔa ame ƒe dzime ene la, nɔnɔme tɔtrɔ ƒe dɔa yia edzi.”— Selected Messages, bk. 1, axa 337, 338.
Braɖ.
, Dzod. 25
3. YESU ƑE ANYINƆNƆ LE SAMARIA
a. Nukae Samariatɔwo bia na Yesu—eye nukatae? Yohanes 4:40 .
b. Ƒo nu tso nusi do tso Kristo ƒe ɣeyiɣi si wòtsɔ nɔ Samaria me ŋu. Yohanes 4:41 .
“Le nya siwo wogblɔ na nyɔnua le vudoa to nu la, woƒã nuku nyuiwo, eye nuŋeŋe la xɔ kabae. Samariatɔwo va se Yesu, eye woxɔ edzi se. Esi woƒo zi ɖe Eŋu le vudoa to la, wotsɔ nyabiasewo ƒo nu nɛ, eye wotsɔ didi vevie xɔ Eƒe numeɖeɖewo tso nu geɖe siwo me mekɔ na wo o ŋu. Esi wonɔ to ɖom la, woƒe tɔtɔa te ɖeɖeɖa. Wonɔ abe dukɔ aɖe si le viviti gã aɖe me hele kekeli ƒe keklẽ kpata aɖe yome tim vaseɖe esime wokpɔ ŋkekea ene. Gake takpekpe kpui sia medze wo ŋu o. Wotsi dzi be yewoase nu geɖe, eye be yewo xɔlɔ̃wo hã naɖo to nufiala wɔnuku sia. Wokpee va woƒe du me, eye woɖe kuku nɛ be wòatsi yewo gbɔ. Enɔ Samaria ŋkeke eve, eye ame bubu geɖewo xɔ edzi se.”— The Desire of Ages, axa 192.
“Kristo ɖe Mawu fia eƒe nusrɔ̃lawo le mɔ si wɔ dɔ tɔxɛ aɖe le woƒe dzi me, abe alesi wòƒoe ɖe mía nu ɣeyiɣi didi aɖee nye sia be míaɖe mɔ nɛ wòawɔ le míaƒe dzi me ene. Ame geɖewo li siwo, le nukpɔsusuwo dzi nɔnɔ fũ akpa me la, woƒe ŋku bu Ðela la ƒe kpɔɖeŋu ƒe ŋusẽ gbagbe la ŋu. Wobu Eyama be enye dɔwɔla ɖokuibɔbɔla si gbea eɖokui. Nusi wohiãe nye be woakpɔ Yesu. Gbesiagbe míehiã Eƒe anyinɔnɔ ƒe ɖeɖefia yeye.”— Reflecting Christ, axa 302.
c. Nukae Samariatɔ geɖe ɖe gbeƒãe esi woxɔ Yesu be enye Mesia la vɔ megbe? Yohanes 4:42 .
“Farisitɔwo do vlo Yesu ƒe nuwɔwɔ bɔbɔe. Woŋe aɖaba ƒu Eƒe nukunuwo dzi, eye wobia dzesi aɖe si fia be Mawu ƒe Vie wònye. Gake Samariatɔwo mebia dzesi aɖeke o, eye Yesu mewɔ nukunu aɖeke le wo dome o, negbe eƒe agbeme nya ɣaɣlawo ɖeɖe ɖe go na nyɔnu si le vudoa to ko. Ke hã ame geɖewo xɔ Eyama. Le woƒe dzidzɔ yeyea me la, wogblɔ na nyɔnua be, ‘ Azɔ míexɔe se, menye le wò nya ta o, elabena mía ŋutɔwo míesee, eye míenyae bena, amesiae nye Kristo, xexeame Ðela vavã .’ ”— The Desire of Ages , axa 192, 193.
Kuɖ.
, Dzod. 26
4. NYAGBLƆÐI ƑE ŊUSẼ
a. Nyagblɔɖi ka dzie Samariatɔwo tu xɔse le Mesia si ŋugbe wodo la dzi? Mose I, 49:10 .
“Samariatɔwo xɔe se be Mesia la ava abe Ðela ene, menye Yudatɔwo ɖeɖeko tɔ o, ke boŋ xexeame hã. Gbɔgbɔ Kɔkɔe la to Mose dzi gblɔe ɖi be enye nyagblɔɖila si Mawu dɔ ɖa. Woto Yakob dzi ɖe gbeƒãe be Eya gbɔe dukɔ la nuƒoƒoƒu nanɔ; eye to Abraham dzi, be woayra anyigbadzidukɔwo katã le Eyama me. Ŋɔŋlɔ siawo dzie Samariatɔwo tu woƒe xɔse le Mesia la dzi. Nyateƒe si wònye be Yudatɔwo ɖe nyagblɔɖila siwo va emegbe gɔme bubui, eye wogblɔ be Kristo ƒe vava zi evelia ƒe ŋutikɔkɔe tso vava gbãtɔ gbɔ la na Samariatɔwo tsɔ ŋɔŋlɔ kɔkɔeawo katã ƒu gbe negbe esiwo wona to Mose dzi ko. Gake esi Ðela la kplɔ alakpagɔmesese siawo dzoe la, ame geɖe xɔ nyagblɔɖi siwo va emegbe kple Kristo ŋutɔ ƒe nya siwo ku ɖe Mawu fiaɖuƒe la ŋu.”— The Desire of Ages, axa 193.
b. Nukae míate ŋu asrɔ̃ egbea tso nyateƒe si wònye be Samariatɔwo ʋu woƒe dzi me ɖe nyateƒea ŋu nukutɔe la me? Nyagblɔla 11:4, 5 .
“Le xexeame katã la, ŋutsuwo kple nyɔnuwo le dziƒo kpɔm kple nuxaxa. Gbedodoɖawo kple aɖatsiwo kpakple biabiawo dona tso luʋɔ siwo le kekeli, amenuveve, Gbɔgbɔ Kɔkɔe dim vevie la me. Ame geɖewo le fiaɖuƒe la ƒe agbo nu, eye wole lalam be woaƒo yewo nu ƒu.”— The Acts of the Apostles, axa 109.
c. Nukae ame ɖekaɖekawo va zua ne woxɔ Kristo vavã? Gblɔ eƒe kpɔɖeŋuwo. Marko 5:18–20; 7:31–37 me nyawo.
“[Kristo ƒe] Gbɔgbɔ atu nusiwo katã ana ame ƒe nɔnɔme nade bubu eŋu eye wòade bubu dzɔdzɔme ŋu la ɖo le amegbetɔ me. Atu ame ɖo hena Mawu ƒe ŋutikɔkɔe le ŋutilã kple luʋɔ kpakple gbɔgbɔ me. . . . Eye luʋɔ siwo woɖiɖi va zu Satana ƒe dɔwɔnuwo la gakpɔtɔ to Kristo ƒe ŋusẽ trɔ zu dzɔdzɔenyenye ƒe dɔlawo, eye Mawu Vi la dɔ wo ɖa be woagblɔ ‘nu gã siwo Aƒetɔ la wɔ na wò, eye wòse veve ɖe ŋuwò.’ .’ ”— The Desire of Ages , axa 341.
Yaw.
, Dzod. 27
5. DƆGBEDELA KRISTOWO
a. Nufiame kawoe míesrɔ̃ tso Samaria nyɔnua gbɔ? Yohanes I, 1:1–3; 2 Korintotɔwo 5:14 (afã gbãtɔ).
“Esi wòke ɖe Ðela la ŋu ko la , Samaria nyɔnua kplɔ ame bubuwo va Egbɔ. Eɖee fia be yenye dutanyanyuigblɔla bibi wu Eya ŋutɔ ƒe nusrɔ̃lawo. Nusrɔ̃lawo mekpɔ naneke le Samaria si fia be enye agble si de dzi ƒo na ame o. Woƒe susu nɔ dɔ gã aɖe si woawɔ le etsɔme ŋu. Womekpɔe be nuŋeŋe si woaƒo ƒu ƒo xlã yewo tututu o. Ke to nyɔnu si wodo vloe la dzi, du blibo aɖe wokplɔ wo vɛ be woase Ðela la ƒe nyawo . Etsɔ akaɖia yi na eƒe dukɔmeviwo zi ɖeka.
“Nyɔnu sia tsi tre ɖi na Kristo dzixɔse ŋutɔŋutɔ ƒe dɔwɔwɔ. Wodzi nusrɔ̃la vavã ɖesiaɖe ɖe Mawu fiaɖuƒe la me abe dutanyanyuigblɔla ene. Ame si noa tsi gbagbe la va zua agbetsidzɔƒe. Ame si xɔa nu la va zua nunala. Kristo ƒe amenuveve si le luʋɔ me la le abe tsidzɔƒe si le gbedadaƒo ene, si le sisim be wòana gbɔdzɔe amewo katã, eye wòna amesiwo le klalo be yewoatsrɔ̃ la dina vevie be yewoano agbetsi la.”— The Desire of Ages, axa 195.
b. Aleke nuteƒekpɔkpɔ sia aʋã mí egbea? Nyagblɔla 11:6 .
“Mehiã be míayi dutanyigbawo dzi aɖazu dutanyanyuigblɔlawo na Mawu o. Agblewo ƒo xlã mí katã ‘fu xoxo be woaŋe,’ eye amesiame si di la ate ŋu aƒo ‘kutsetsewo nu ƒu hena agbe mavɔ.’ Mawu yɔ ame geɖe le Battle Creek siwo le kukum le gbɔgbɔ me kuviawɔwɔ ta be woayi afisi woƒe dɔwɔwɔ hiã le le Eƒe nya la me. Ʋuʋu le Battle Creek, ne abia be nàtsɔ ga asa vɔe gɔ̃ hã. Yi afi aɖe be nànye yayra na ame bubuwo. Yi afisi nàte ŋu ado ŋusẽ hame aɖewo siwo gbɔdzɔ le. Miwɔ ŋusẽ siwo Mawu na mi la ŋudɔ.”— Testimonies for the Church, babla 5, axa 187.
Fiɖ.
, Dzod. 28
AME ÐOKUI ƑE NYABIASEWO
1. Nukae nyɔnua wɔ esi wòkpɔ Yesu be eya koe nye Ðela ?
2. Ðe nusi agblewo ƒe ɣie xoxo hena nuŋeɣi fia me.
3. Ŋkeke nenie Yesu nɔ Samariatɔwo gbɔ?
4. Ðaseɖiɖi kae Samariatɔwo ɖi ku ɖe Yesu ŋu?
5. Nukae dzɔna ɖe amewo dzi ne wonya xɔ Yesu ɖe woƒe agbe me ko?