Back to top

Sabbath Bible Lessons

Nya Nyui Gbalẽa Le Yohanes ƒe Nya Nu (Akpa 2)

 <<    >> 
Nusɔsrɔ̃ 13 SABAT, MASA 28, 2025

Tsitretsitsi kple Agbe la

Kpukpui Srɔ̃gblɔ: “Yesu gblɔ nɛ bena: Nyee nye tsitretsitsi la kple agbe la; amesi xɔa dzinye sena la, ne eku hã la, anɔ agbe ” (Yohanes 11:25).

“Le xɔsetɔ gome la, ku nye nya sue aɖe ko. Kristo ƒo nu tso eŋu abe ɖe wònye ɣeyiɣi kpui aɖe ko ene. . . . Le Kristotɔ gome la, ku nye alɔ̃dɔdɔ, ɖoɖoezizi kple viviti ƒe ɣeyiɣi kpui aɖe ko. Agbe la ɣla ɖe Kristo gbɔ le Mawu me.” — The Desire of Ages, axa 787.

Nuxexlẽ si wona:   Selected Message , bk. 1, axa 296–300. 

Kwa. , Mas. 22

1. YESU LE BETANIA

a. Esi Marta se be Yesu gbɔna Betania la, nukae wòwɔ eye kakaɖedzi kae wòɖe fia? Yohanes 11:20–22 .

“Xɔlɔ̃ siwo nɔ konyi fam la dometɔ aɖewoe nye ƒomea ƒe ƒometɔwo, eye wo dometɔ aɖewo nɔ agbanɔamedzinɔƒe kɔkɔwo le Yerusalem. Amesiawo dometɔ aɖewoe nye Kristo ƒe futɔ sesẽtɔwo dometɔ aɖewo. Kristo nya woƒe tameɖoɖowo, eye le esia ta meɖe eɖokui fia zi ɖeka o. Wotsɔ gbedasia na Marta kpoo ale gbegbe be ame bubu siwo nɔ xɔa me mesee o. . . .

“Marta wɔ kaba yi ɖado go Yesu, eƒe dzi ʋuʋu le seselelãme siwo tsi tre ɖe wo nɔewo ŋu ta. Le Eƒe mo si ɖea nu me la me la, exlẽ veveseseɖeamenu kple lɔlɔ̃ si nɔ anyi ɣesiaɣi la ke. Kakaɖedzi si nɔ esi ɖe Eyama ŋu metso o, gake ebu nɔviaŋutsu si wòlɔ̃ vevie, si Yesu hã lɔ̃ vevie la ŋu. Esi nuxaxa nɔ eƒe dzi me le esi Kristo meva do ŋgɔ o ta, ke hã kple mɔkpɔkpɔ be fifia gɔ̃ hã la, yeawɔ nane atsɔ afa akɔ na yewo la, egblɔ be, ‘Aƒetɔ, ne ɖe nènɔ afisia la, anye ne nɔvinyeŋutsu meku o.’ Zi geɖe le zitɔtɔ si konyifalaawo wɔ dome la, nɔvinyɔnuawo gbugbɔ gblɔ nya siawo.

“Yesu tsɔ amegbetɔ kple Mawu ƒe nublanuikpɔkpɔ kpɔ eƒe mo si me nuxaxa le eye wòtsi dzimaɖi la me. Marta melɔ̃na be yeagblɔ nusiwo dzɔ va yi o; wo katã woɖee fia to nya wɔnublanui siwo nye, ‘Aƒetɔ, ne ɖe Ènɔ afisia la, anye ne nɔvinye meku o.’ Gake esi wòlé ŋku ɖe lɔlɔ̃ ƒe mo ma ŋu la, egblɔ kpee be, ‘Menya be fifia gɔ̃ hã, nusianu si Nàbia tso Mawu si la, Mawu atsɔe ana Wò.’ ” — The Desire of Ages, axa 529, 530.


Dzoɖ. , Mas. 23

2. MƆKPƆKPƆ ƑE ŊUGBEDODO MLƆETƆ

a. Nuka ŋue Yesu ka ɖe edzi na Marta? Yohanes 11:23 . Nukae wòse to esia me? Yohanes 11:24 .

“Yesu de dzi ƒo na eƒe xɔse bena: Nɔviwò atsi tre. Menye ɖe woɖoe be eƒe ŋuɖoɖoa naʋã mɔkpɔkpɔ be tɔtrɔ ava enumake o. Etsɔ Marta ƒe susuwo yi ŋgɔ wu nɔviaŋutsu ƒe gbugbɔgaɖoanyi fifia, eye wòtsɔ wo ɖo ame dzɔdzɔewo ƒe tsitretsitsi ŋu. Esia Ewɔ be wòakpɔ le Lazaro ƒe tsitretsitsi me la, ame dzɔdzɔe kukuwo katã ƒe tsitretsitsi ƒe adzɔgbeɖeɖe, kple kakaɖedzi be woawɔe to Ðela la ƒe ŋusẽ me.

“Marta ɖo eŋu be, ‘Menya be, agafɔ le tsitretsitsi la me le ŋkeke mamlɛa dzi. ” — The Desire of Ages, axa 530.

b. Nya kawoe Yesu tsɔ lɔ̃ ɖe edzi be Marta ka ɖe edzi? Yohanes 11:25; 1 Yohanes 5:12.

“Esi Yesu gakpɔtɔ nɔ didim be yeana mɔfiame vavãtɔ eƒe xɔse la, eɖe gbeƒãe be, ‘Nyee nye tsitretsitsi la kple agbe la.’ Kristo mee agbe le, gbãtɔ, si womedo o, underived. ‘Agbe le amesi si Vi la le.’ 1 Yohanes 5:12. Kristo ƒe mawunyenye enye agbe mavɔ ƒe kakaɖedzi na xɔsetɔ.” — Ibid.

c. Ŋugbedodo kae dzi míaƒe mɔkpɔkpɔ si le yɔdoa godo la nɔ te ɖo, eye aleke Marta ƒe kakaɖedzi do ƒome kple Kristo ƒe nukunu? Yohanes 5:26; 11:26, 27 .

“Kristo le afisia le mɔ kpɔm na Eƒe vava zi evelia. Ekema woafɔ ame dzɔdzɔe kukuwo ɖe tsitre magblẽmagblẽ, eye woaɖe ame dzɔdzɔe gbagbewo ayi dziƒo evɔ womakpɔ ku o. Nukunu si Kristo le wɔwɔ ge, le Lazaro fɔfɔ tso ame kukuwo dome me la, atsi tre ɖi na ame dzɔdzɔe kukuwo katã ƒe tsitretsitsi. To Eƒe nya kple Eƒe dɔwɔwɔwo me ɖee fia be yee nye tsitretsitsi la Ŋlɔla. Ame si wòaku le atitsoga la dzi kpuie la tsi tre kple ku ƒe safuiwo, yɔdo dzi ɖula, eye wòte gbe ɖe Eƒe gomenɔamesi kple ŋusẽ dzi be yeana agbe mavɔ.” — Ibid.


Braɖ. , Mas. 24

3. YESU FA AVI

a. Ƒo nu tso Maria si lé blanui la ƒe nuwɔnawo kple nya siwo wògblɔ ŋu. Yohanes 11:28–32 .

b. Esi Yesu kpɔ Maria kple Yudatɔ aɖewo wonɔ avi fam la, nukae Yesu wɔ—eye nukatae? Yohanes 11:33–35 .

“ ‘Esi Yesu kpɔ nyɔnua wònɔ avi fam, eye Yudatɔ siwo va kplii hã le avi fam la, eƒo nu le gbɔgbɔ me, eye wòtsi dzodzodzoe.’ Exlẽ amesiwo katã ƒo ƒu la ƒe dzi. Ekpɔe be le ame geɖe gome la, nusi va yi abe nuxaxa ɖeɖefia ene nye aʋatsokaka ko. Enya be ame aɖewo siwo le habɔbɔa me, siwo le alakpanuwɔwɔ ƒe nuxaxa ɖem fia fifia la, anɔ ɖoɖo wɔm ɖe ku ŋu ɣeyiɣi didi aɖe, menye nukunuwɔla sesẽ la ɖeɖeko o, ke boŋ amesi woafɔ tso ame kukuwo dome hã. Kristo ate ŋu aɖe woƒe awu si wodo abe nuxaxa ene la le wo si hafi. Gake Elé Eƒe dziku dzɔdzɔe la nu. Nya siwo wòate ŋu agblɔ le nyateƒe katã me hafi la, Megblɔe o, le lɔlɔ̃tɔ si dze klo ɖe Eƒe afɔ nu le nuxaxa me, si xɔ edzi se vavã ta.

“ ‘Afikae mietsɔe mlɔ?’ . Ebia be, ‚Wogblɔ nɛ bena: Aƒetɔ, va kpɔe ɖa.’ Wo ame evea woyi yɔdoa gbɔ. Enye nukpɔkpɔ si me nuxaxa le. Wolɔ̃ Lazaro vevie tsã, eye nɔvianyɔnuwo fa avi ɖe eta kple dzi gbagbã, evɔ amesiwo nye exɔlɔ̃wo tsã ya tsɔ woƒe aɖatsiwo tsaka kple nɔvinyɔnu siwo ku la tɔ. Le amegbetɔ ƒe nuxaxa sia ta, kple nyateƒe si wònye be xɔlɔ̃ siwo le fu kpem ate ŋu afa konyi le ame kukuwo ta esime xexeame Ðela la le tsitre ɖe egbɔ—‘Yesu fa avi.’ Togbɔ be Mawu ƒe Vie wònye hã la, etsɔ amegbetɔ ƒe nɔnɔme ɖe Eŋu, eye amegbetɔ ƒe nuxaxa ʋãe. Eƒe dzi fatu si nye nublanuikpɔla la nyɔna ɖe veveseseɖeamenu me ɣesiaɣi to fukpekpe me. Efaa avi kple amesiwo le avi fam, eye wòkpɔa dzidzɔ kple amesiwo le dzidzɔ kpɔm.” — The Desire of Ages, axa 533.

c. Aleke ɣeyiɣi sia le Yesu ƒe agbe me nanye kpɔɖeŋu na mí? Romatɔwo 12:15 .

“Kristo ƒe kpɔɖeŋu wɔnuku la, veveseseɖeamenu si ɖeke mesɔ kplii o si wòtsɔ ge ɖe ame bubuwo ƒe seselelãmewo me, fa avi kple amesiwo fa avi, dzidzɔkpɔkpɔ kple amesiwo le dzidzɔ kpɔm la, ele be wòakpɔ ŋusẽ gã aɖe ɖe amesiwo katã dze eyome le anukwareɖiɖi me ƒe nɔnɔme dzi. To dɔmenyonyonyawo kple nuwɔnawo me adze agbagba be mɔa nanɔ bɔbɔe na afɔ siwo ŋu ɖeɖi te.” — The Ministry of Healing, axa 157, 158.


Kuɖ. , Mas. 25

4. HADƆWƆWƆ LE MAWU KPLE AMEGBETƆWO DOME

a. Se kae Yesu de na amesiwo ƒo xlãe? Yohanes 11:39 (afã gbãtɔ). Aleke Marta wɔ nui eye nya kae Yesu gblɔ nɛ? Yohanes 11:39 (kpa mamlɛtɔ).

“Ne Aƒetɔ la le dɔ aɖe wɔ ge la, Satana ʋãa ame aɖe be wòatsi tre ɖe eŋu. Kristo gblɔ be: ‘Miɖe kpe la ɖa. Afisi nàte ŋui la, dzra mɔa ɖo na Nye dɔa. Gake Marta ƒe nɔnɔme nyui kple didi vevie be yeaxɔ ŋkɔ la ɖo kpe edzi. Medi be woatsɔ ŋutilã si le gbegblẽm la ava ŋkume o. Amegbetɔ ƒe dzi nɔa blewu le Kristo ƒe nyawo gɔmesese me, eye Marta ƒe xɔse mese gɔmesese vavãtɔ si le Eƒe ŋugbedodoa ŋu gɔme o.

“Kristo ka mo na Marta, gake wogblɔ Eƒe nyawo le tufafa blibo me. ‘Ðe nyemegblɔ na wò be, ne èxɔe se la, àkpɔ Mawu ƒe ŋutikɔkɔe oa?’ Nukatae wòle be nàke ɖi le Nye ŋusẽ ŋu? Nukatae tamebubu tsi tre ɖe Nye nudidiwo ŋu? Nye nya le asiwò. Ne miaxɔe ase la, miakpɔ Mawu ƒe ŋutikɔkɔe. Dzɔdzɔmenuwo mate ŋu axe mɔ na Ŋusẽkatãtɔ la ƒe dɔwɔwɔ o. Ðikeke kple dzimaxɔse menye ɖokuibɔbɔ o. Kristo ƒe nya dzixɔxɔse tẽe nye ɖokuibɔbɔ vavãtɔ, ɖokuitsɔtsɔna vavãtɔ.

“ ‘Miɖe kpe la ɖa.’ Kristo ate ŋu ade se na kpea be woaɖee ɖa hafi, eye wòaɖo to Eƒe gbe hafi. Ate ŋu ayɔ mawudɔla siwo te ɖe Eƒe axadzi be woawɔ esia hafi. Le Eƒe sedede nu la, asi makpɔmakpɔwo aɖe kpea ɖa hafi. Gake ele be amegbetɔ ƒe asiwo naxɔe. Aleae Kristo aɖee afia be ele be amegbetɔƒomea nawɔ nu aduadu kple mawunyenye. Nusi amegbetɔ ƒe ŋusẽ ate ŋu awɔ tso Mawu ƒe ŋusẽ me la, womeyɔe be wòawɔ o. Mawu meɖea asi le amegbetɔ ƒe kpekpeɖeŋu ŋu o. Edoa ŋusẽe, eye wòwɔa nu aduadu kplii ne ele ŋusẽ kple ŋutete siwo wonae la zãm.” — The Desire of Ages, axa 535.

b. Kristo ƒe nya kawoe ka mo na míaƒe dzimaxɔse blewuu egbea? Yohanes 11:40 .

“Xɔse gbagbe mele ame geɖe si o. Esia tae womekpɔa Mawu ƒe ŋusẽ geɖe wu o. Woƒe gbɔdzɔgbɔdzɔa tso woƒe dzimaxɔse gbɔ. . . . Wowɔa ɖoɖo hewɔa nu yeyewo, gake wodoa gbe ɖa boo o, eye womeɖoa ŋu ɖe Mawu ŋu ŋutɔŋutɔ boo o. Wosusuna be xɔse le yewo si, gake ɣeyiɣia ƒe didi koe wònye. Esi womete ŋu kpɔ woawo ŋutɔ ƒe nuhiahiã, alo Mawu ƒe lɔlɔ̃ faa be yeana nu o ta la, womedoa dzi le woƒe biabiawo dzi wɔwɔ me le Aƒetɔ la ŋkume o.” — Christ’s Object Lessons, axa 145, 146.


Yaw. , Mas. 26

5. YESU FƆ LAZARO

a. Gbedodoɖa kae Yesu do le yɔdoa xa? Yohanes 11:41, 42 .

“Wowɔna ɖe sededea dzi. Womli kpea ɖa. Wowɔa nusianu le gaglãgbe eye woɖonɛ koŋ. Wona mɔnukpɔkpɔ wo katã be woakpɔe be womewɔa ameflunu aɖeke o. Afimae Lazaro ƒe kukua mlɔ le eƒe yɔdo si me kpewo le me, vuvɔ le wɔwɔm eye zi ɖoɖoe le ku me. Wotsia konyifalawo ƒe ɣlidodowo nu. Esi dɔwɔƒea ƒe mo wɔ yaa eye wònɔ mɔ kpɔm na wo ta la, wotɔ ɖe yɔdoa ŋu hele lalam be yewoakpɔ nusi akplɔe ɖo. . . .

“Le afisia la, Kristo gblɔna be Mawue nye ye Fofo, eye wògblɔna kple kakaɖedzi blibo be Mawu ƒe Vie yenye.” — The Desire of Ages, axa 535, 536.

b. Nya kawoe Yesu tsɔ fɔ Lazaro ɖe tsitre? Yohanes 11:43 . Nukae dzɔ enumake? Yohanes 11:44 .

“[Kristo ƒe] gbe, si me kɔ eye wòge ɖe eme la, toa ame kukuwo ƒe to me. Esi Wòle nu ƒom la, mawunyenye klẽna to amegbetɔƒomea me. Le Eƒe mo, si Mawu ƒe ŋutikɔkɔe klẽ le la, ameawo kpɔa Eƒe ŋusẽ ƒe kakaɖedzi. Wobla ŋku ɖesiaɖe ɖe agadoa ƒe mɔnu. Wobɔbɔa to ɖesiaɖe be wòalé gbeɖiɖi suetɔ kekeake. Wo katã wotsɔ ɖetsɔleme vevie kple vevesese lalam Kristo ƒe mawunyenye ƒe dodokpɔ, si nye kpeɖodzi si ɖo kpe Eƒe nya si wògblɔ be yenye Mawu ƒe Vi dzi, alo be wòatsi mɔkpɔkpɔa tegbee.

“Ʋuʋu le yɔdo si me ɖoɖoezizi le la me, eye ame si ku la le tsitre ɖe yɔdo la nu. . . . Amegbetɔƒomeae nye be wòawɔ dɔ na ameƒomea. Woɖe asi le Lazaro ŋu, eye wòtsi tre ɖe ha la ŋkume, menye abe amesi ƒe lãme gbvɔdzɔ le dɔléle ta, eye eƒe abɔwo kple afɔwo gbɔdzɔ, siwo le ʋuʋum ene o, ke boŋ abe ŋutsu si le agbe ƒe tsitsime, kple ŋutsunyenye bubume ƒe ŋusẽ me ene. Eƒe ŋkuwo klẽna kple nunya kple lɔlɔ̃ na eƒe Ðela. Etsɔa eɖokui ƒua gbe ɖe Yesu ƒe afɔ nu le tadedeagu me.” — Ibid., axa 536.


Fiɖ. , Mas. 27

AME ÐOKUI ƑE NYABIASEWO

1. Ƒo nu tso kakaɖedzi si nɔ Lazaro nɔvinyɔnuwo si ɖe Yesu ŋu la ŋu.

2. Nu kae Yesu do na Marta, Maria, kple xɔsetɔwo katã?

3. Nu ka tae Yesu fa avi?

4. Aleke ameƒomea wɔ nu aduadu kple mawunyenye le nukunu sia me?

5. Ƒo nu tso Lazaro ƒe nuwɔnawo ŋu le Yesu ƒe yɔyɔ me.

 <<    >>