Kwa.
, Dam. 18
1. ABRAHAM VIWO
a. Nya kae Farisitɔwo gbugbɔ gblɔna ɣesiaɣi? Yohanes 8:33, 39 (afã gbãtɔ). Ke hã nukae ɖo kpe hadede sia tɔgbe dzi? Yohanes 8:39 (akpa mamlɛtɔ), 56; Romatɔwo 9:6–8 .
“Farisitɔwo gblɔ be yewonye Abraham viwo. Yesu gblɔ na wo be ne wowɔ Abraham ƒe dɔwɔwɔwo ko hafi woate ŋu aɖo kpe nya sia dzi. Abraham ƒe vi vavãwo anɔ agbe abe toɖoɖo Mawu ene. Womadze agbagba be yewoawu Ame si nɔ nyateƒe si wonae tso Mawu gbɔ la gblɔm o. Le nugbeɖoɖo ɖe Kristo ŋu me la, rabiwo menɔ Abraham ƒe dɔwɔwɔwo wɔm o. Viɖe aɖeke menɔ dzidzime si tso Abraham gbɔ dzro ko ŋu o. Ne gbɔgbɔ me kadodo aɖeke menɔ wo kplii dome, si aɖee afia le gbɔgbɔ ɖeka ma ke ƒe amesinɔnɔ, kple dɔ mawo ke wɔwɔ me o la, menye viawoe wonye o.
“Gɔmeɖose sia tsɔa agba sɔsɔe ɖe nyabiase aɖe si tɔtɔ Kristotɔwo ƒe xexeame ɣeyiɣi didi aɖee nye sia—si nye apostolowo ƒe kplɔkplɔ ƒe nya. Wometsɔ ŋkɔ kple dzidzime si me wòtso la ɖo kpe dzidzime si tso Abraham me dzi o, ke boŋ to nɔnɔme si ɖi wo nɔewo dzi. Eyata apostoloawo ƒe kplɔkplɔ ɖo menɔ te ɖe sɔlemeha ƒe ŋusẽ ƒe kaka dzi o, ke boŋ gbɔgbɔ me ƒomedodo dzie. Agbe si apostoloawo ƒe gbɔgbɔ, nyateƒe si wofia dzixɔse kple nufiafia ʋã, esiae nye apostoloawo ƒe kplɔkplɔ ƒe kpeɖodzi vavãtɔ. Esiae na amegbetɔwo nye nyanyuifiala gbãtɔwo teƒenɔlawo.” — The Desire of Ages, axa 466, 467.
Dzoɖ.
, Dam. 19
2. MENYE NUSI WOƑO ADEGBE BE YEWONYE
a. Togbɔ be Yudatɔwo nye Abraham ƒe dzidzimeviwo le dzɔdzɔme nu hã la, ameka ƒe viwoe wozu le nyateƒe me esime wogbe Kristo? Yohanes 8:41–44 .
“Yesu gbe be Yudatɔwo menye Abraham ƒe viwo o. Egblɔ be, ‘Miewɔa mia fofo ƒe nuwɔnawo. Woɖo eŋu le fewuɖuɖu me be, ‘ Womedzi mí tso ahasiwɔwɔ me o; Fofo ɖeka koe le mía si, eyae nye Mawu.’ Woɖo nya siawo, tsɔ ƒo nu tso nɔnɔme siwo me wodzii ŋu la, be woatsɔ aƒoe ɖe Kristo ŋu le amesiwo nɔ edzi xɔm se la ŋkume. Yesu metsɔ ɖeke le nya ƒaƒãwo gbɔgblɔ me o, ke boŋ egblɔ be, ‘Ne ɖe Mawue nye mia Fofo la, anye ne mialɔ̃m, elabena Mawu gbɔe metso.’
“Woƒe dɔwɔwɔwo ɖi ɖase le woƒe ƒomedodo kple amesi nye alakpatɔ kple amewula la ŋu. Yesu gblɔ be: ‘Mia fofo Abosam gbɔe mietso, eye mia fofo ƒe nudzodzrowo nye miaƒe lɔlɔ̃nu be miawɔ. Amewulae wònye tso gɔmedzedzea me ke, eye metsi tre ɖe nyateƒe la me o, elabena nyateƒe aɖeke mele eme o. . . . Esi megblɔ nyateƒe ta la, miexɔ Dzinye se o.’ Yohanes 8:44, 45, RV Nyateƒe si wònye be Yesu gblɔ nyateƒea, eye wògblɔe kple kakaɖedzi, ye nye nusita Yudatɔwo ƒe ŋgɔnɔlawo mexɔe o. Nyateƒeae do dziku na ame siawo siwo bua wo ɖokui ame dzɔdzɔewo. Nyateƒea klo nu le vodada ƒe alakpanuwɔwɔ dzi; ebu fɔ woƒe nufiafia kple nuwɔna, eye womexɔe nyuie o. Anyo na wo be woamiã ŋku ɖe nyateƒea ŋu tsɔ wu be woabɔbɔ wo ɖokui aʋu eme be yewoda vo. Womelɔ̃ nyateƒea o. Womedzroe o, togbɔ be nyateƒee wònye hã.”— The Desire of Ages, axa 467.
b. Nukae na míezu Abraham viwo—eye aleke Yudatɔwo ƒe ŋgɔnɔlawo ɖee fia be menye Abraham ƒe vi vavãwoe yewonye o? Galatiatɔwo 3:6–9; Yohanes 8:40 .
“ ‘Elabena miegaxɔ kluvinyenye ƒe gbɔgbɔ, na vɔvɔ̃ o; ke miexɔ vixɔxɔ ƒe Gbɔgbɔ, si dzi míeto doa ɣli bena: Abba, Fofo.’ Kluvinyenye ƒe gbɔgbɔa dona to didi be míanɔ agbe ɖe mawusubɔsubɔ si le se nu nu, to agbagbadzedze be míawɔ se ƒe nyawo dzi le mía ŋutɔwo ƒe ŋusẽ me. Mɔkpɔkpɔ li na mí ne míeva le Abraham ƒe nubabla la te, si nye amenuveve ƒe nubabla to Kristo Yesu dzixɔxɔse me. Nyanyui si woɖe gbeƒã na Abraham, si dzi mɔkpɔkpɔ nɔ esi la, nye nyanyui ma ke si woɖe gbeƒã na mí egbea, si dzi mɔkpɔkpɔ le mía si. Abraham kpɔ Yesu, amesi hã nye míaƒe xɔse Ŋlɔla kple Nuwula.” — The Youth’s Instructor, September 22, 1892.
Braɖ.
, Dam. 20
3. KRISTO ƑE NƆNƆME
a. Nyabiase ka ŋue Yesu ƒe futɔwo mete ŋu ɖo le Eƒe nɔnɔme si ŋu ɖiƒoƒo aɖeke mele o ŋu o? Yohanes 8:46 (afã gbãtɔ).
“Le eƒe agbenɔnɔ le anyigba dzi me la, Kristo tu nɔnɔme deblibo ɖo, Ewɔ toɖoɖo bliboe na Fofoa ƒe sededewo. Le xexeame vava le amegbetɔ ƒe nɔnɔme me, le se la te bɔbɔ me, le eɖeɖefia amewo be Etsɔ woƒe dɔléle, woƒe nuxaxa, woƒe fɔɖiɖi me la, mezu nuvɔ̃wɔla o. Do ŋgɔ na Farisitɔwo la Ete ŋu gblɔ be, ‘Mia dometɔ kae na meka ɖe nuvɔ̃ dzi?’ Womekpɔ nuvɔ̃ ƒe ɖiƒoƒo ɖeka pɛ hã le Eŋu o. Etsi tre ɖe xexeame ŋkume, Mawu ƒe Alẽvi si ŋu ɖiƒoƒo aɖeke mele o.” — Sons and Daughters of God, axa 25.
“Yesu nɔ agbe le se la nu le dziƒo ŋkume, le xexe siwo memu o kple nuvɔ̃wɔlawo ŋkume. Le mawudɔlawo, amegbetɔwo, kple gbɔgbɔ vɔ̃wo ŋkume la, Egblɔ nya siwo tso nuyi bubu ɖesiaɖe me anye busunyagbɔgblɔ hafi, gake wometsɔ nya ɖe wo ŋu o: ‘Mewɔa nusiwo dzea eŋu ɣesiaɣi.’ ” — The Desire of Ages, axa 467, 468.
b. Ne míeɖe nya si Yesu gblɔ abe Amegbetɔvi ene ɖa la, nukae Ŋɔŋlɔawo ɖe gbeƒãe tso Kristo ƒe nɔnɔme ŋu? Hebritɔwo 4:15; Petro I, 1:18, 19 .
“Mele be amegbetɔwo ƒe xɔse le Kristo me abe Mesia ene nanɔ te ɖe nukpɔkpɔ ƒe kpeɖodziwo dzi o, eye woxɔe se le Eƒe ame ŋutɔ ƒe nu lédzinamewo ta, ke boŋ le nɔnɔme ƒe nyonyome si wokpɔ le Eyama me ta, si womekpɔ kpɔ o, eye womete ŋu kpɔe hã o be, le bubu me.”— The SDA Bible Commentary [E. G. White Comments], babla 7, axa 904.
c. Aleke wòle be Yesu ƒe agbenɔnɔ nawɔ dɔ ɖe mía dzii? Filipitɔwo 2:6–8.
“Ðe míaƒe Kpɔɖeŋuɖola la meto mɔ sesẽ aɖe si me wògbe nu le eɖokui si, si tsɔ eɖokui sa vɔe, si bɔbɔ eɖokui ɖe mía ta la dzi be yeaɖe mí oa? Edo go kuxi sesẽwo, to dziɖeleameƒo me, eye wòkpe vlododo kple fukpekpe le Eƒe dɔ si wòwɔ be yeaɖe mí la me. Eye ɖe míagbe be yemadze afisi ŋutikɔkɔefia la kplɔ mɔa ɖo oa? Ðe míato nyatoƒoe le nɔnɔme sesẽwo kple dodokpɔwo ŋu le mía ŋutɔwo ƒe aʋadziɖuɖudɔa me, ne míeɖo ŋku míaƒe Ðela ƒe fukpekpewo dzia?” — Testimonies for the Church, babla 3, axa 371.
Kuɖ.
, Dam. 21
4. KRISTO YOMEDZELAWO ƑE NƆNƆME
a. Nukae nye Kristo yomedzela vavãwo katã ƒe taɖodzinu? Petro I, 1:13–16.
“Míaƒe dɔe nye be míadze agbagba be míaɖo blibodede si Kristo le eƒe agbenɔnɔ le anyigba dzi me le eƒe nɔnɔme ƒe akpa ɖesiaɖe me la gbɔ le míaƒe dɔwɔwɔ me .” — That I May Know Him, axa 130.
b. Aleke míawɔ aɖo taɖodzinu sia gbɔ? Hebritɔwo 12:1–4; Galatiatɔwo 5:6 (akpa mamlɛtɔ); Filipitɔwo 3:12–15; 4:13.
“Aleke míawɔ aɖo blibodede si míaƒe Aƒetɔ kple Ðela Yesu Kristo—míaƒe Nufiala Gãtɔ—gblɔ gblɔ la gbɔ? Ðe míate ŋu aɖo Eƒe nudidi gbɔ eye míaɖo dzidzenu kɔkɔ sia gbɔa? Míate ŋui, ne menye nenema o la, anye ne Kristo made se na mí be míawɔe nenema o. Eyae nye míaƒe dzɔdzɔenyenye. Le Eƒe amegbetɔnyenye me la, eyi ŋgɔ na mí eye wòwɔ nɔnɔme ƒe blibodede na mí. Ele be xɔse si le Eyama si wɔa dɔ to lɔlɔ̃ me eye wòkɔa luʋɔ ŋu la nanɔ mía si. Amenyenye ƒe blibodede nɔ te ɖe nusi Kristo nye na mí dzi. Ne míeɖoa ŋu ɖe míaƒe Ðela ƒe dzedzeme ŋu ɣesiaɣi, eye míezɔa Eƒe afɔtoƒewo la, míanɔ abe Eya ene, ame dzadzɛwo kple ɖiƒoƒo manɔmee.”—Ibid.
c. Aleke míawɔ azu ame dzadzɛwo kple vodadamanɔŋutɔwo le Mawu ŋkume vavã? Romatɔwo 5:18–20; Hebritɔwo 10:14 .
“Kristo metsɔa ame aɖeke kea ame aɖeke o negbe dzimetɔtrɔlawo ko, ke ame si wòtsɔ ke la, eyae nana wotrɔ dzime gbã.” — Selected Messages, bk. 1, axa 393, 394.
“Ele be nuvɔ̃wɔla nakpɔ Kalvari gbɔ ɣesiaɣi; eye kple ɖevi sue ƒe xɔse bɔbɔe la, ele be wòagbɔ ɖe eme le Kristo ƒe dzedzeme me, axɔ Eƒe dzɔdzɔenyenye eye wòaxɔ Eƒe nublanuikpɔkpɔ dzi ase. . . .
“Lɔlɔ̃ ka gbegbee nye esi—lɔlɔ̃ wɔnuku, si gɔme womate ŋu ase o—si ana Kristo naku ɖe mía ta esime míegakpɔtɔ nye nuvɔ̃wɔlawo! Bubu ka gbegbee nye si wònye na luʋɔ si sea se la ƒe nya sesẽwo gɔme, eye wòdo kpo Kristo ƒe amenuveve, si gade ŋgɔ wu sã la gɔmesese!”—Ibid., axa 384.
Yaw.
, Dam. 22
5. MIAƑE NƆNƆME TƆTRƆ ABE ETƆ ENE
a. Aleke míawɔ ana kakaɖedzi le míaƒe yɔyɔ kple tiatia ŋu? Petro II, 1:4–11; Nyaɖeɖefia 19:8 .
“Mawu di nusi wòdi tso Adam si azɔ, toɖoɖo blibo, dzɔdzɔenyenye si me vodada aɖeke mele o, gbɔdzɔgbɔdzɔ manɔmee le Eŋkume. Mawu nakpe ɖe mía ŋu míatsɔ nusiwo katã Eƒe se bia la anae. Míate ŋu awɔ esia ne menye xɔse ma si hea Kristo ƒe dzɔdzɔenyenye vaa gbesiagbegbenɔnɔ me o.” — Selected Messages, bk. 2, axa 381.
“Zi ale si Satana le dzi ɖum la, míaɖu mía ɖokui dzi, eye míanɔ nuvɔ̃wo dzi ɖum; zi alesi agbe anɔ anyi ko la, teƒe aɖeke manɔ anyi si míatɔ ɖo o, teƒe aɖeke manɔ anyi si gbɔ míate ŋu aɖo agblɔ be, meɖo bliboe o. Kɔkɔenyenye nye toɖoɖo le agbe me katã me tsonu.” — The Acts of the Apostles, axa 560, 561.
“Ele be míakpɔe adze sii be to Eyama dzixɔxɔse me la, enye mɔnukpɔkpɔ na mí be míakpɔ gome le Mawu ƒe nɔnɔme me, eye ale míasi le gbegblẽ si le xexeame to dzodzro vɔ̃wo me la nu. Ekema woklɔ mí tso nuvɔ̃wo katã me, amenyenye ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo katã me. Mehiã be nuvɔ̃ ƒe nɔnɔme ɖeka nanɔ mía si o. . . .
“Ne míele gome kpɔm le Mawu ƒe nɔnɔme me la, wotsoa nu gbegblẽ wɔwɔ ƒe nɔnɔme siwo nyi dome kple esiwo wotu ɖo la ɖa le amea ŋu, eye wowɔa mí ŋusẽ gbagbe hena nyuiwɔwɔ. Esi míesrɔ̃a nu tso mawume Nufiala la ŋu ɣesiaɣi, míeɖua Eƒe nɔnɔme gbesiagbe ta la, míewɔa nu aduadu kple Mawu le Satana ƒe tetekpɔwo dzi ɖuɖu me. Mawu wɔa dɔ, eye ame hã wɔa dɔ, bena ame nanye ɖeka kple Kristo abe alesi Kristo nye ɖeka kple Mawu ene. . . .
“Mawue naa ŋusẽ mí be míaɖu dzi. Amesiwo sea Eƒe gbe hewɔna ɖe Eƒe sededewo dzi la te ŋu wɔa ame dzɔdzɔewo.” — The SDA Bible Commentary [EG White Comments], babla 7, axa 943.
Fiɖ.
, Dam. 23
AME ÐOKUI ƑE NYABIASEWO
1. Nukatae Farisitɔwo mete ŋu nɔ te ɖe woƒe ʋu ƒe dzidzime dzi gblɔ be yewole agbe mavɔ o—eye ame aɖeke mete ŋu ɖo ŋu ɖe tɔgbuiwo ƒe dzidzime alo DNA ŋu egbea be wòanye ɖeɖekpɔkpɔ ƒe dzesi o?
2. Ðe Abraham ƒe vi vavãwo ƒe nɔnɔmewo me.
3. Le Eƒe nɔnɔme gome la, nukae Yesu te ŋu ɖe gbeƒãe?
4. Taɖodzinu kae le Kristotɔ ɖesiaɖe ŋkume?
5. Aleke woate ŋu akpɔ mí be míede blibo eye fɔɖiɖi aɖeke mele mía ŋu o le Mawu ŋkume?