Back to top

Sabbath Bible Lessons

Nyagblɔɖi me nu veviwo

 <<    >> 
SABAT, MASA 6, 2026 NUSƆSRƆ̃ 10
Lã la kple Dzesi la Kpukpui Srɔ̃gblɔ: “ Eye wòwɔ bena, woade dzesi amewo katã, ɖeviwo kple ame tsitsiwo kple kesinɔtɔwo kple ame dahewo kple ablɔɖeviwo kple kluviwo ƒe nuɖusi alo woƒe ŋgonu ” (Nyaɖeɖefia 13:16).
Nuxexlẽ si wona:   The Great Controversy, axa 439–450. 
“Alẽvi ƒe dzowo kple ʋɔ driba ƒe gbe ƒe dzesia te gbe ɖe tsitretsitsi ɖe dzesi aɖe si le dɔawo kple dukɔ si wòtsi tre ɖi na ƒe nuwɔnawo ŋu.”— The Great Controversy, axa 442.

1. LÃ ASASÃ Kwa, Da 31
a. Nukae Yohanes kpɔ le Nyaɖeɖefia 13:1 (afã gbãtɔ), eye aleke míese esia gɔme le Daniel 7:3 sɔsrɔ̃ nu ? b. Nukae míate ŋu asrɔ̃ tso ale si lã wɔadã la ƒe ŋutilãmenu aɖewo do ƒome kple lã ene siwo ŋu mí-esrɔ̃ nu tsoe va yi la me? Nyaɖeɖefia 13:2; Daniel 7:4–6 . “Le ta 13 (kpukpui 1-10) me la, woƒo nu tso lã bubu aɖe ŋu, "abe sisiblisi ene," amesi ʋɔ driba la tsɔ "eƒe ŋusẽ, eƒe fiazikpui, kple ŋusẽ gã" na. Dzesi sia, abe alesi Protestanttɔ akpa gãtɔ xɔe se ene la, tsi tre ɖi na pa-panyenye, si va xɔ ɖe ŋusẽ, fiazikpui, kple ŋusẽ si nɔ blema Roma Fiaɖuƒea si tsã la teƒe. Wogblɔ le lã wɔadã sia si le abe sisiblisi ene ŋu be: "Wotsɔ nu nɛ be wòagblɔ dadanyawo kple busunyagbɔgblɔwo, eye wòʋu eƒe nu be yeagblɔ busunya Mawu, agblɔ busunya ɖe eƒe ŋkɔ kple eƒe nɔƒe, kple amesiwo le dziƒo. Wona ŋusẽe be wòawɔ aʋa kple ame kɔkɔewo, eye wòaɖu wo dzi, eye wona ŋusẽe ɖe to sia to, gbegbɔgblɔ, kple dukɔ sia dukɔ dzi." Ðikekemanɔmee la, nyagblɔɖi sia, si sɔ kple alesi woɖɔ dzo sue si le Daniel 7 kloe la, ku ɖe papanyenye ŋu..”— The Great Controversy, axa 439.“Le Europa dukɔ geɖe me la, Satana to papanyenye dzi ɖu ŋusẽ siwo ɖu dzi le sɔlemeha kple dziɖuɖu me ƒe alafa geɖe.”— Afim., axa 268, 269.

2. ŊUSẼ YOMETITITƆ Dzo, Ma 1
a. Aleke wonɔ te ɖe ɣeyiɣi si me wòɖu dzi dzi ɖo kpe amesi nye lã wɔadã la dzii? Nyaɖeɖefia 13:5; Daniel 7:25 . “ ‘Wotsɔ ŋusẽ nɛ be wòanɔ anyi ɣleti blaene vɔ eve.’Eye nyagblɔɖila la gblɔ be, ‘Mekpɔ eƒe ta ɖeka abe alesi wòxɔ abi wòku ene.’ Eye wògagblɔ be: ‘Amesi akplɔ ame ayi aboyo me la, ayi aboyo me, amesi awu ame kple yi la, ele be woawui kple yi.’ Ɣleti blaene vɔ eve la sɔ kple ƒe etɔ̃ kple afã, alo ŋkeke 1260, si woŋlɔ ɖe Daniel 7 me—ɣeyiɣi si me wòle be papa ƒe ŋusẽ nate Mawu ƒe amewo ɖe anyi.Ɣeyiɣi sia... dze egɔme kple papanyenye ƒe gãnyenye, le ƒe 538 me, eye wòwu enu le ƒe 1798. Ɣemaɣi la, Franseawo ƒe asrafowo lé papa la aboyoe, papa ƒe ŋusẽ xɔ ƒoƒo gã aɖe eye nyagblɔɖia va eme be: “Amesi akplɔ ame ayi aboyo me la ayi aboyo me. ”— The Great Controversy, axa 439. b. Aleke lã wɔadã si le abe sisiblisi ene ƒe gãnyenye dzi aɖe akpɔtɔe? Nyaɖeɖefia 13:3 (afã gbãtɔ), 10. c. Nu kawoe lã wɔadã la awɔ? Nyaɖeɖefia 13:6–8 . “Roma ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi le dukɔ siwo lɔ̃ ɖe eƒe dziɖuɖu dzi tsã la mewu enu haɖe o. Eye nyagblɔɖi gblɔa eƒe ŋusẽ gbugbɔgaɖoanyi ɖi. ‘Mekpɔ eƒe ta ɖeka abe ɖe wòxɔ abi vevie ene, gake eƒe abi si ku la haya, eye xexeame katã ƒe mo wɔ yaa, eye wodze lã la yome’ (kpukpui 3). Abi si kuna la dede ame ŋu nye vɔvɔli na papanyenye ƒe anyidzedze le ƒe 1798. Le ema megbe la, nyagblɔɖila la gblɔ be, ‘eƒe abi si kuna la haya, eye xexeame katã ƒe mo wɔ yaa hedze lã la yome. ’ Paulo gblɔe kɔte be ‘nuvɔ̃ ƒe ame’ ayi edzi vaseɖe Vava Evelia (Tesalonikatɔwo II, 2:3-8). Vaseɖe ɣeyiɣia ƒe nuwuwu la, ayi eƒe amebebledɔa dzi. Eye ɖeɖefiala la ɖe gbeƒãe, esi wònɔ nu ƒom tso papanyenye hã ŋu be: ‘Anyigba dzi nɔlawo katã ade ta agu nɛ, amesiame si ƒe ŋkɔ womeŋlɔ ɖe agbegbalẽa me o’ (Nyaɖeɖefia 13:8). Le Xexeme Xoxoa kple Yeyea me la, papanyenye axɔ bubu si wodea bubu Kwasiɖagbe ƒe ɖoɖo si nɔ te ɖe Roma Sɔlemeha la ƒe ŋusẽ ɖeɖeko dzi la ŋu.. ”—Afim., axa 579.

3. LÃ SI LE ABE ALẼVI ENE LA Bra, Ma 2
a. Dunyaheŋusẽ yeye kae wokpɔ be ele vava ge le ɣeyiɣi si tututu me papa ƒe ŋusẽa nɔ eƒe abi si ku la xɔm? Nyaɖeɖefia 13:11 . “Wokpɔ lã wɔadã si ƒe dzowo le abe alẽvi ene la ‘ele dodom tso anyigba dzi.’ Le esi teƒe be wòamu ŋusẽ bubuwo ɖa be wòaɖo eɖokui anyi la, ele be dukɔ si woɖe fia alea la nado le anyigbamama si me ame aɖeke menɔ tsã o me eye wòatsi vivivi le ŋutifafa me, ekema mate ŋu ado le Xexeme Xoxoa me dukɔ siwo me amewo sɔ gbɔ ɖo eye wole avu wɔm la dome o—‘amewo, kple amehawo, kple dukɔwo, kple gbeg-bɔgblɔwo’ ƒe atsiaƒu si me zitɔtɔ le. Ele be woadie le Ɣetoɖoƒe Anyigbagã la dzi.“Xexeme Yeyea ƒe dukɔ kae nɔ dzi ɖum le ƒe 1798 me, nɔ ŋusẽ kple gãnyenye ƒe ŋugbe nam, eye wònɔ xexeame ƒe susu hem? Dzesi la zazã melɔ̃ ɖe nya aɖeke dzi o. Dukɔ ɖeka, eye ɖeka koe, ɖo nyagblɔɖi sia ƒe nɔnɔme tɔxɛwo gbɔ; efia asi Amerika Dukɔwo ƒe Habɔbɔ ɖikekemanɔmee. Wozã agbalẽŋlɔla kɔkɔe la ƒe susu, si nye nya siwo sɔ pɛpɛpɛ kloe, zi gbɔ zi geɖe to nuƒola kple ŋutinyaŋlɔla dzi le dukɔ sia ƒe dzidziɖedzi kple eƒe tsitsi ɖɔɖɔ me. eye le gbegɔmeɖelawo ƒe nya nu la, nya si gɔme woɖe le afisia be ‘va yi dzi’ fia ŋutɔŋutɔ be ‘wòatsi alo atsi abe numiemie ene.’ Eye abe alesi míekpɔe ene la, ele be dukɔa nado le anyigba amama si me dua aɖeke menɔ tsã o me .“ ‘Eye dzo eve nɔ esi abe alẽvi ene.’ Dzo siwo le abe alẽvi ene la fia sɔhɛmenɔɣi, fɔmaɖimaɖi, kple tufafa, si tsi tre ɖi na America Dukɔwo ƒe nɔnɔme wòsɔ nyuie esime wotsɔe ɖo nyagblɔɖila la ŋkume be ‘wòle dzi yim’ le ƒe 1798. Kristotɔ aboyome siwo si yi Amerika zi gbãtɔ eye wodi sitsoƒe tso fia ƒe ameteteɖeanyi kple nunɔlawo ƒe mɔmaɖemaɖeɖenuŋu me la dometɔ geɖe nye amesiwo ɖoe kplikpaa be yewoaɖo dziɖuɖu ɖe dukɔmeviwo kple mawusubɔsubɔ ƒe ablɔɖe ƒe gɔmeɖoanyi gbadzaa dzi kpɔ teƒe aɖe le Ðokui-sinɔamesi ƒe Gbeƒãɖeɖea me, si gblɔ nyateƒe gã si nye be ‘wowɔ amewo katã sɔsɔe’ eye wona gomenɔamesi si womate ŋu axɔ le wo si be woanɔ ‘agbe, ablɔɖe, kple dzidzɔkpɔkpɔ yome la me. Eye Dukplɔsea na kakaɖedzi dukɔa be woakpɔ ɖokuidziɖuɖu ƒe gomenɔamesi, ne-nye be eteƒenɔla siwo wotia to amehawo ƒe akɔdada me la nade seawo ahakpɔ wo dzi .Woɖe mɔ na ame sia ame be wòasubɔ Mawu le eƒe dzitsinya ƒe sededewo nu. Republika-subɔsubɔ kple Protestant-subɔsubɔ va zu dukɔa ƒe gɔmeɖose veviwo. Gɔmeɖose siawoe nye eƒe ŋusẽ kple nudzedziname ƒe nya ɣaɣla. Ame siwo wote ɖe anyi hete ɖe anyi le Kristodukɔ bliboa me tsɔ ɖetsɔleme kple mɔkpɔkpɔ trɔ ɖe anyigba sia ŋu. Ame miliɔn geɖe di eƒe ƒutawo, eye United States yi dzi va ɖo nɔƒe aɖe le anyigba dzi dukɔ sesẽtɔwo dome.”— The Great Controversy, axa 440, 441.

4. NUƑOƑO ABE ƲƆ DRIBA ENE Ku, Ma 3
a. Ŋgɔyiyi dziŋɔ kae le dzɔdzɔ ge, eye lã wɔadã si le abe alẽvi ene la azi edzi? Nyaɖeɖefia 13:12, 16 . “Alẽvi la ƒe dzowo kple ʋɔ driba ƒe gbe si nye dzesi sia ɖe tsitretsiɖeŋu ɖedzesi aɖe fia le dukɔ si woɖe fia alea ƒe nyagbɔgblɔwo kple nuwɔnawo dome. Dukɔ sia ƒe ‘nya’ dzena to eƒe sewɔtakpekpe kple ʋɔnudrɔ̃ŋusẽwo ƒe nuwɔnawo me. To nuwɔna mawo me la, eɖea asi le ablɔɖe kple ŋutifafa ƒe gɔmeɖose siwo wòɖo anyi abe eƒe ɖoɖoa ƒe gɔmeɖoanyi ene ŋu. Nyagblɔɖi si nye be aƒo nu ‘abe ʋɔ driba ene’ eye wòawɔ ‘lã gbãtɔ ƒe ŋusẽ katã’ ŋudɔ la nye vɔvɔli na mɔmaɖemaɖeɖenuŋu kple yometiti ƒe gbɔgbɔ si dukɔ siwo ʋɔ driba kple lã wɔadã si nye sisiblisi tsi tre ɖi na la ƒe ŋgɔyiyi. Mlɔeba la, nya si wogblɔ be lã si si dzo eve le la ‘ana anyigba kple edzinɔlawo nasubɔ lã gbãtɔ’ la ɖee fia be woawɔ dukɔ sia ƒe ŋusẽ ŋudɔ to azã aɖe si anye bubudede papanyenye ŋu la dzizizi me..“Nuwɔna sia tɔgbe atsi tre ɖe dziɖuɖu sia ƒe gɔmeɖosewo, eƒe ablɔɖehabɔbɔwo ƒe gbɔgbɔ, Ðokui-sinɔamesi ƒe Gbeƒãɖeɖea ƒe gbeƒãɖeɖe vevi siwo me kɔ, kple Dukplɔsea ŋu gaglãa. Dukɔa ɖolawo di nunyatɔe be yewoakpɔ ta na Sɔlemeha la ƒe xex-emenunya zazã ɖe mɔ gbegblẽ nu, kple mɔmaɖemaɖeɖenuŋu kple yometiti me tsonu siwo womate ŋu aƒo asa na o. Dukplɔsea gblɔ be “Sewɔtak-pekpea mawɔ se aɖeke si ku ɖe mawusubɔsubɔ ƒe ɖoɖo aɖe ŋu, alo axe mɔ ɖe ewɔwɔ faa nu o,” eye be “womabia be woaxɔ mawusubɔsubɔ ƒe dzeside aɖeke gbeɖe hafi woaxɔ ame ɖe dudɔnunɔlawo ƒe ɖoƒe le United States o.” Ne woda le dukɔa ƒe ablɔɖe ƒe kakaɖedzinya siawo dzi gaglãa ko hafi dukɔmeviwo ƒe ŋusẽ ate ŋu axe mɔ ɖe mawusubɔsubɔ ƒe nuwɔna aɖe nu.”—The Great Con-troversy, axa 442. b. Aleke lã wɔadã la ƒe dzesi dzi wɔwɔ alea anye United States ƒe anyidzedze? Lododowo 14:34; Psalmo 119:126 . “Ƒe alafa ɖesiaɖe ƒe agbegbegblẽnɔnɔ ƒo Mawu ƒe dziku nu ƒu le mɔkpɔkpɔ na toheheŋkekea me; eye ne ɣeyiɣi ma ɖo, eye nuvɔ̃ɖiwɔwɔ ɖo eƒe kɔkɔƒe la, ekema Mawu awɔ eƒe dɔ ɣaɣla la ade goe. Anye nu dziŋɔ be Mawu ƒe dzigbɔɖi vɔ le ame si; elabena Mawu ƒe dziku adze anyi kple ŋusẽ kple ŋutasẽnuwɔwɔ ale gbegbe be woabui be nublanuikpɔkpɔ aɖeke mele eŋu o; eye anyigba la ŋutɔ agbã. Dukɔa ƒe xɔsegbegbe ƒe ɣeyiɣi mee, esime, le nu wɔm le Satana ƒe ɖoɖo nu la, anyigbaa dzi kplɔlawo anɔ nuvɔ̃wɔla la ƒe akpa dzi la, fɔɖiɖi aɖo eƒe kɔkɔƒe; dukɔa ƒe xɔsegbegbee nye dzesi si fia be dukɔa gblẽ. ”—Selected Messages, bk. 2, axa 373.

5. LÃ LA ƑE DZESI Ya, Ma 4
a. Nukae nye Roma ƒe ŋusẽ ƒe dzesi? Daniel 7:25 . “Abe Katoliko-ha la ƒe ŋusẽ ƒe dzesi ene la, Papatɔwo ƒe agbalẽŋlɔlawo yɔ ‘nuwɔna ŋutɔŋutɔ si nye be woatrɔ Sabat la wòazu Kwasiɖagbe, si ŋu Protestanttɔwo ɖe mɔ ɖo;... elabena to Kwasiɖagbe subɔsubɔ me la, wolɔ̃ ɖe ŋusẽ si le Sɔlemeha la si be wòaɖo kplɔ̃ɖoƒewo anyi ahade se na wo togbɔ be nuvɔ̃ le wo ŋu hã.’” (Henry Tuberville, An Abridgment of the Christian Doctrine, axa 58). Ekema nukae Sabat ƒe tɔtrɔ sia tsi tre ɖi na ne menye Roma Ha la ƒe ŋusẽ ƒe dzesi, alo dzesi—“lã la ƒe dzesi” o?“Ne wozi Kwasiɖagbe subɔsubɔ dzi le se nu eye xexeame na numekɔkɔ le Sabat vavãtɔ ƒe agbanɔamedzi ŋu la, ekema amesiame si ada Mawu ƒe sedede dzi be wòawɔ ɖe sedede si ŋu ŋusẽ aɖeke mele wu Roma tɔ o dzi la, ato esia me anɔ bubu dem papanyenye ŋu wu Mawu.”— The Great Controversy, axa 448, 449. b. Ƒo nu tso habɔbɔ si to vovo na wo nɔewo ƒe taƒoƒo ŋu—ɖeka be wòana luʋɔwo nanya nu tso nyateƒea ŋu eye evelia be wòana lã wɔadã la ƒe dzesi nazi wo dzi. Nyaɖeɖefia 13:13–15; 16:13, 14; Mateo 24:14, 24 . “Sɔlemeha la ƒo nu tso dukɔmeviwo ƒe ŋusẽ ƒe alɔ sesẽa ŋu, eye, le dɔ sia me la, papatɔwo kple Protestanttɔwo wɔ ɖeka. Esi Kwasiɖagbewo dzi wɔwɔ ƒe habɔbɔa va le dzideƒo eye wotso nya me le eŋu wu la , woayɔ sea ɖe sedziwɔlawo ŋu. Woado ŋɔdzi na wo be woado fe na wo ahade wo gaxɔ me, eye woatsɔ ŋusẽkpɔɖeamedzi ƒe ɖoƒe aɖewo ana wo dometɔ aɖewo, kple teƒeɖoɖo kple viɖe bubuwo, abe nusiwo aʋã wo be woaɖe asi le woƒe xɔse ŋu ene. Gake woƒe ŋuɖoɖo madzudzɔmadzudzɔe nye: ‘Miɖe míaƒe vodada fia mí tso Mawu ƒe nya me’—kuku siLuta ɖe le nɔnɔme mawo tɔgbe me la ke Amesiwo wotsɔ nya ɖe wo ŋu le ʋɔnudrɔ̃ƒewo la ʋlia nyateƒea ta sesĩe, eye wokplɔa ame aɖewo siwo sea wo la be woanɔ te ɖe Mawu ƒe sededewo katã dzi. Aleae woatsɔ kekeli ava ame akpe geɖe siwo ne menye nenema o la, womanya naneke tso nyateƒe siawo ŋu o la ŋkume.” Afim., axa 607.

AME ÐOKUI ƑE NYABIASEWO Fi, Ma 5
1. Aleke lã wɔadã siwo le Daniel 7 lia me ƒe nɔnɔme aɖewo va yi Roma? 2. Dzro mɔ vovovo siwo nu woxlẽ ƒe 1260 siwo me papa ƒe dziɖuɖu nɔ la me. 3. Nukatae abi si wu ame la mena lã wɔadã la ku o? 4. United States ƒe nɔnɔme tɔxɛ kawoe alẽvi la ƒe dzowo ɖe fia? 5. Ðe Lã la ƒe Dzesi le ame siwo dea ta agu le Kwasiɖagbe egbea?
 <<    >>