Back to top

Sabbath Bible Lessons

Nyagblɔɖi me nu veviwo

 <<    >> 
SABAT, DAME 9, 2026 NUSƆSRƆ̃ 6
Ŋutega si meWoɖe Kpukpui Srɔ̃gblɔ: “ Azɔ nyae, eye naƒu to anyi: Tso ɣeyiɣi, si woɖe se be, woagatso Yerusalem vaseɖe amegã, si wosi ami na dzi la, le kwasiɖa aɖre; eye woatsɔ kwiasiɖa blaade vɔ eve atso ablɔwo kple kpɔɖomeewo le xaxaɣi ” (Daniel 9:25).
Nuxexlẽ si wona:   The Great Controversy, axa 409,422. 
“Wodɔ mawudɔla la ɖe Daniel kple susu tẽ be wòaɖe nya si gɔme wòdo kpo nu le ta enyilia ƒe ŋutega, si nye nya si wogblɔ le ɣeyiɣi ŋu me la me nɛ.”— The Great Controversy, axa 326.

1. NUXEXLẼ BE WOASE EGƆME Kwa, Da 3
a. Le ɣeyiɣi si me Mediatɔwo kple Persiatɔwo ɖu Ba-bilon dzi lɔƒo la, nuka srɔ̃m Daniel nɔ? Daniel 9:1, 2 . “Esi ame siwo yi edzi wɔ nuteƒe na Mawu le Babilon titina la nɔ Aƒetɔ la dim henɔ nyagblɔɖigbalẽ siwo gblɔ woƒe ɖeɖekpɔkpɔ ɖi la srɔ̃m la, Mawu nɔ fiawo ƒe dziwo dzram ɖo be woaɖe amenuveve afia Eƒe dukɔ si trɔ dzime la.”— The SDA Bible Commentary [EG White Comments], babla 4, axa 1172. b. Ðe nyagblɔɖi si xlẽm Daniel nɔ la ƒe vevienyenye me. Yeremya 25:8–14 . c. Nukae Yeremya ƒe nyagblɔɖia ƒoe ɖe Mawu ƒe amewo nu be woawɔ? Yeremya 29:10–14. “Yeremya ƒe nuŋlɔɖiwo nɔ [aboyomeawo] gbɔ, eye wogblɔ ɣeyiɣi didi si wòle be wòava yi hafi woagbugbɔ Israel tso Babilon axɔ la eme kɔ nyuie.... Woakpɔ ame-nuveve na Yuda ƒe ame susɔeawo, le gbedodoɖa vevie ŋuɖoɖo me. ”— Prophets and Kings, axa 552.

2. DANIEL ƑE GBEDODOƉA Dzo, Da 4
a. Nukae Daniel wɔ tsɔ ɖo nya si wòxlẽ ŋu? Daniel 9:3. “Esi Daniel xɔ xɔse si wotu ɖe nyagblɔɖinya si ŋu ka-kaɖedzi le dzi ta la, eɖe kuku na Aƒetɔ la be ŋugbedodo siawo nava eme kaba. Eɖe kuku be woakpɔ Mawu ƒe bubu ta. Le eƒe kukuɖeɖea me la, eɖe eɖokui fia bliboe kple amesiwo do le Mawu ƒe tameɖoɖoa me, eye wòʋu woƒe nuvɔ̃wo me be wonye ye ŋutɔ tɔ.”— Prophets and Kings, axa 554,555 b. Ne èxlẽ Daniel ƒe gbedodoɖaa vɔ la, nu kawoe nàde dzesii le alesi wòbɔbɔ eɖokui heɖe kuku na Mawu ŋu? Daniel 9:4–19. “Togbɔ be Daniel nɔ Mawu subɔsubɔ me ɣeyiɣi didi aɖee nye sia, eye dziƒo ƒo nu tso eŋu be enye ‘lɔlɔ̃tɔ gã’ hã la, eɖe eɖokui fia le Mawu ŋkume azɔ abe nuvɔ̃wɔla ene, hele dzi dem ƒo na dukɔ si wòlɔ̃ la ƒe hiahiã gã la.”— Afim., axa 555. c. Nuka ŋue Daniel tsi dzi ɖo vevie? Daniel 9:16, 17. “Ƒe blaadre kloe enye sia si Israel nɔ aboyo me. Anyigba si Mawu tia na eya ŋutɔ , wotsɔe de asi na trɔ̃subɔlawo. Wodo vlo du lɔlɔ̃a, si xɔ dziƒo ƒe kekeli, si nye dzidzɔ na anyigba bliboa tsã la, fifia eye woɖi gbɔe. Gbedoxɔ si me Mawu ƒe nubablaɖaka kple ŋutikɔkɔe ƒe kerubi siwo tsyɔ nublanuikpɔzikpui la dzi le la, zu glikpo. Wotsɔ afɔ makɔmakɔwo ƒo ɖi eƒe teƒe ŋutɔŋutɔ. Nuteƒewɔla siwo nya nu tso ŋutikɔkɔe si nɔ anyi tsã ŋu la yɔ fũ kple vevesese le aƒe kɔkɔe si na Israel to vovo abe Mawu ƒe dukɔ tiatia ene la ƒe aƒedozuzu ta. Ŋutsu siawo nye ɖasefowo kpɔ le Mawu ƒe nuɖeɖe le Eƒe dukɔ ƒe nuvɔ̃wo ta. Wonye nya sia ƒe emevava ƒe ɖasefowo kpɔ. Wonye ɖasefowo hã na eƒe amenuveve ƒe ŋugbedodowo ne Israel atrɔ ayi Mawu gbɔ, eye wòazɔ le Eŋkume ŋuɖɔɖɔɖotɔe. Mɔzɔla tsitsi siwo ƒe ta biã la yi Yerusalem be yewoado gbe ɖa le eƒe glikpowo dome. Wogbugbɔ nu na eƒe kpewo, eye wotsɔ woƒe aɖatsiwo ƒo wo, esime wonɔ kuku ɖem na Aƒetɔ la be wòakpɔ nublanui na Zion, eye wòatsɔ eƒe dzɔdzɔenyenye ƒe ŋutikɔkɔe atsyɔ edzi. Daniel nyae be ɣeyiɣi si woɖo ɖi na Israel ƒe aboyomenɔnɔ la wu enu kloe; gake mese le eɖokui me be esi Mawu do ŋugbe be yeaɖe yewo ta la, akpa aɖeke mele yewo ŋutɔwo si woawɔ o. Etsɔ nutsitsidɔ kple dzimetɔtrɔ di Aƒetɔ la, eye wòʋu eya ŋutɔ ƒe nuvɔ̃wo kple dukɔ la ƒe nuvɔ̃wo me.”—The SDA Bible Commentary [E. G. White Comments], babla 4, axa 1172.

3. DZIƑO AMEDZRO AƉE Bra, Da 5
a. Aleke wotso Daniel ƒe gbedodoɖaa me? Daniel 9:20, 21 . “Dziƒo bɔbɔ ɖe anyi be yease nyagblɔɖila la ƒe ku-kuɖeɖe vevie. Hafi wòawu eƒe kukuɖeɖe be woatsɔe ake kple gbugbɔgaɖoanyi nu gɔ̃ hã la, ŋusẽtɔ Gabriel gaɖe eɖokui fiae.”— Prophets and Kings, axa 556.“ Gabriel, mawudɔla si kplɔ Mawu Vi la ɖo le ɖoƒe si kplɔe ɖo, va kple mawume gbedasi na Daniel.... Mawu tsɔ nusiawo na mí, eye Eƒe yayra ade nyagblɔɖigbalẽsrɔ̃lawo siwo srɔ̃ nu le gbedodoɖa kple bubudede me.”— The Desire of Ages, axa 234. b. Taɖodzinu kae le Gabriel ƒe sasrãkpɔa ŋu, eye aleke wòdo ƒome kple ŋutega si le Ta 8 lia me? Daniel 9:22, 23 . “[Gabriel] he eƒe susu yi ŋutega si wòkpɔ do ŋgɔ na Babilon ƒe anyidzedze kple Belsazar ƒe ku la dzi.”— Prophets and Kings, axa 556.“Mawu gblɔ na Eƒe dɔla bena: Na ame sia nase ŋutega la gɔme.’ Ele be dɔdasi ma nava eme la, mawudɔla la, le ɣeyiɣi aɖe megbe la, etrɔ yi Daniel gbɔ gblɔ be: ‘Meva azɔ be mana aɖaŋu kple nugɔmesese na wò; ‘eyata se nya la gɔme, eye mide ŋugble le ŋutega la ŋu.’Daniel 8:27,16 ; 9:22, 23, 25-27 . Nya vevi ɖeka aɖe nɔ ta 8 lia ƒe ŋutega si wogblẽ ɖi si me womeɖe o, si nye be, si ku ɖe ɣeyiɣi ŋu la, ŋkeke 2300 la ƒe ɣey-iɣi; eyata mawudɔla la, le eƒe numeɖeɖea gbugbɔgadzedze me la, enɔa ɣeyiɣi ƒe nyati ŋu koŋ.”—The Great Controversy, axa 325. c. Ɣeyiɣi kae woɖo ɖi na Yuda-dukɔa, eye nukae woawɔ le ɣeyiɣi ma me? Daniel 9:24 . “Kristo ƒe gbeƒãɖeɖe ƒe agbae nye be, ‘Ɣeyiɣi la wu enu, eye Mawu Fiaɖuƒe la gogo, mitrɔ dzime , eye miaxɔ nyanyui la dzi ase.’ Aleae nyanyui gbedasi, abe alesi Ðela la ŋutɔ gblɔe ene la, wotui ɖe nyagblɔɖiawo dzi. ‘Ɣeyiɣi’ si wògblɔ be ava eme lae nye ɣeyiɣi si ma-wudɔla Gabriel na Daniel nya.... Ŋkeke ɖeka le nyagblɔɖi me tsi tre ɖi na ƒe ɖeka. Kpɔ Mose IV, 14:34; Ezekiel 4:6. Kwasiɖa blaadre, alo ŋkeke alafa ene blaasieke, tsi tre ɖi na ƒe alafa ene blaasieke.”— The Desire of Ages, axa 233.

4. GƆMEDZEDZEA WOƉE FIA Ku, Da 6
a. Fia ƒe dɔdasi ɖedzesi kae nye be wòade dzesi kwasiɖa blaadreawo ƒe gɔmedzedze? Daniel 9:25 . “Sedede be woagbugbɔ Yerusalem aɖo anyi ahatui, abe alesi wowu enu to Artaxsasta Longimanus ƒe sedede dzi (kpɔ Ezra 6:14; 7:1, 9, axadzi) dze dɔwɔwɔ gɔme le ƒe 457 le nuŋexi me do ŋgɔ na Kristo. Tso ŋkeke ma dzi la, ƒe alafa ene blaenyi vɔ etɔ̃ va yi vaseɖe ƒe 27 ƒe adame le Kristo ŋɔ̃li.”—The Desire of Ages, axa 233 b. Ðe ɖoɖo siwo wowɔ le sededea me si na nyagblɔɖi sia va eme la me. Ezra 7:11–13, 21–27. “Aƒetɔ ʋã fia la ƒe dzi, ale be Ezra kpɔ ŋudzedze ɖe eŋu. Fia la tsɔ nunɔamesi gbogbo aɖewo de asi nɛ hena gbedoxɔa gbugbɔgatu , eye wòna Yudatɔwo te ŋu trɔ gbɔ.”— The SDA Bible Commentary [EG White Com-ments], babla 3, axa 1134. c. Nuka hãe nyagblɔɖia gblɔ ɖi ku ɖe Mesia la ƒe subɔsubɔdɔa ŋu? Daniel 9:26 (afã gbãtɔ), 27 (afã gbãtɔ). “Le nyagblɔɖia nu la, ele be ɣeyiɣi sia naɖo Mesia, amesiamina la gbɔ. Le eƒe 27 me la, Yesu xɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe ƒe amisisi le Eƒe nyɔnyrɔxɔxɔ me, eye le ema megbe kpuie la, edze Eƒe subɔsubɔdɔa gɔme. Emegbe woɖe gbeƒã gbedasia. ‘Ɣeyiɣia va eme.’“Emegbe mawudɔla la gblɔ be, ‘Aɖo kpe nubabla la dzi kple ame geɖewo kwasiɖa ɖeka [ƒe adre]. Ƒe adre sɔŋ le esi Ðela la ge ɖe Eƒe subɔsubɔdɔa me megbe la, ele be woaɖe gbeƒã nyanyuia vevietɔ na Yudatɔwo; ƒe etɔ̃ kple afã to Kristo ŋutɔ dzi; eye emegbe to apostoloawo dzi. ‘Le kwasiɖaa titina la, Ana vɔsa la kple vɔsa la nu tso.’ Daniel 9:27. Le eƒe 31 ƒe kele me la, wotsɔ Kristo si nye vɔsa vavãtɔ la sa vɔ le Kal-vari. Emegbe wovuvu gbedoxɔa ƒe xɔmetsovɔa ɖe eve, si ɖee fia be vɔsasa la ƒe kɔkɔenyenye kple vevienyenye dzo. Ɣeyiɣia de be woadzudzɔ anyigba dzi vɔsa kple vɔsasa la.Kwasiɖa ɖeka ,ƒe adre la wu enu le ƒe 34. Emeg-be to kpedada Stefano me la, Yudatɔwo wotre woƒe nugbgegbe le nyanyui dzi maxɔse ŋu; nusrɔ̃la siwo yometiti kaka ɖe teƒe bubuwo la ‘yi afisiafi nɔ gbeƒã ɖem nya la’ (Dɔwɔwɔwo 8:4).”— The Desire of Ages, axa 233.

5. KWASIƉA BLAADREAWO WU ENU Ya, Da 7
a. Nublanuinya kae wòle be wòadzɔ le ƒe 490 la ƒe nuwuwu megbe? Daniel 9:26 (kpa mamlɛtɔ), 27 (akpa mamlɛtɔ); Luka 21:20 . “Ðeko Mawu ƒe dzigbɔgbɔ blewu na Yerusalem ɖo kpe Yudatɔwo dzi le woƒe dzimetɔtrɔ dzimesesẽtɔe me. woƒe bubumademade ŋkuagbãtɔ kple busunyagbɔgblɔ [woƒe ŋgɔnɔlawo] ɖe gbeƒãe le dutoƒo be yewomele vɔvɔ̃m be woatsrɔ̃ Yerusalem o, elabena Mawu ŋutɔ ƒe due wònye. Be woaɖo woƒe ŋusẽ anyi sesĩe wu la, wona zãnu ala-kpanyagblɔɖilawo be woaɖe gbeƒãe, esime Romatɔwo ƒe aʋakɔwo nɔ gbeƒã ɖem le." gbedoxɔ, be ele be dukɔa nalala ɖeɖe tso Mawu si me Vaseɖe mamlɛtɔ dzi la, amehawo lé dzixɔse si nye be Dziƒoʋĩtɔ la ade nu nyaa me hena woƒe futɔwo dzi ɖuɖu, eye fifia ametakpɔnu aɖeke meganɔ esi o, eye Yerusalem si mekpɔ dzidzɔ o la haya to ememe masɔmasɔwo me aʋakɔwo ƒo eƒe mɔ̃ sesẽwo eye wowu eƒe aʋawɔlawo!”— The Great Con-troversy, axa 28, 29. b. Esi míese ŋkekeawo ƒe akpa gbãtɔ sia gɔme la, nukae míate ŋu ade dzesii azɔ? Daniel 8:14; 9:24. “Va se ɖe fifia la, nyagblɔɖiawo ƒe nya ɖesiaɖe si wogblɔ tẽ la va eme wòwɔ nuku ŋutɔ, eye woɖo kwasiɖa blaadreawo ƒe gɔmedzedze ɖi si ŋu ɖikeke mele o be enye ƒe 457, eye woƒe nuwuwu le ƒe 34. Nyatakaka sia na wòle bɔbɔe be woanya ŋkeke 2300 la ƒe nuwuwu. Esi woɖe kwasiɖa blaadre (ŋkeke 490) la ɖa le ŋkeke 2300 siawo me la, ŋkeke 1810 susɔ. Le ŋkeke 490 siawo megbe la, egahiã kokoko be ŋkeke 1810 susɔeawo nato. Tso ƒe 34 va ɖo ƒe 1844 me la, ƒe 1810 va yi. Eyata Daniel 8:14 ƒe ŋkeke 2300 la wu enu le ƒe 1844. Ne nyagblɔɖiɣi gã sia wu enu la, le Mawu ƒe dɔla ƒe ɖaseɖiɖi nu la, “woaklɔ kɔkɔeƒe la ŋu.” Eyata woɖe ɣeyiɣi si me woakɔ kɔkɔeƒea ŋu la fia kɔte..”— Afim., axa . 328.

AME ÐOKUI ƑE NYABIASEWO Fi, Da 8
1. Togbɔ be Daniel ŋutɔ nye nyagblɔɖila hã la, nuka gɔmee wòdi vevie be yease? 2. Nu ka tae Daniel tsɔ eɖokui de dzimetɔtrɔ ƒe gbe-dodoɖawo me ɖe nuvɔ̃ siwo Israel wɔ va yi ta? 3. Aleke míewɔ nya kɔte be Daniel 9 lia kpɔ Daniel 8 ƒe nya ɣaɣla la gbɔ? 4. Ðe nudzɔdzɔ si de dzesi ƒe 490 ƒe nyagblɔɖia ƒe gɔmedzedze la me. 5. Ƒo nu tso Yerusalem tsɔtsrɔ̃, abe alesi Daniel kple Yesu gblɔe ɖi ene ŋu.
 <<    >>