Mawudɔla Etɔ̃awo Kpukpui Srɔ̃gblɔ: “ Afii ame kɔkɔe, siwo léa Mawu ƒe seawo kple Yesu ƒe dzixɔse me ɖe asi la, ƒe dzidodo le ” (Nyaɖeɖefia 14:12).
Nuxexlẽ si wona:
Early Writings, axa 232–261.
“Wofiam afɔɖeɖe etɔ̃: mawudɔla gbãtɔ, evelia, kple etɔ̃lia ƒe gbedasiwo. Mawudɔla si kpe ɖe ŋunye la gblɔ be: ‘Baba na amesi ʋua blɔ ɖeka alo ʋuʋua gbedasi siawo ƒe pin ɖeka. Gbedasi siawo gɔmesese vavãtɔ le vevie ŋutɔ’ ”— Early Writings, axa 258.
1. MAWUDƆLAWO LE NYAƉEƉEFIA Kwa, Ma 7
a. Tsɔ dɔla ƒomevi vovovo siwo mawudɔlawo tsi tre ɖi na la sɔ kple wo nɔewo eye nàde vovototo wo dome. Nyaɖeɖefia 1:20; 10:1, 5; 11:1; 22:8.b. Aleke Mawu ɖoa gbedasi ɖe amesiame si le anyigba dzi? Romatɔwo 10:13–15.“ Abe Eteƒenɔlawo le amegbetɔwo dome ene la, Mawu metia mawudɔla siwo medze anyi kpɔ o, ke boŋ ameg-betɔwo, ŋutsu siwo ƒe dzodzrowo sɔ kple amesiwo wodi be yewoaɖe. Eye wotsɔ kakaɖedzi kɔkɔe si nye be woana amewo nanya ‘Kristo ƒe kesinɔnu si womate ŋu akpɔ o’ la de asi na ŋutsuwo kple nyɔnuwo. Efesotɔwo 3:8. ”— The Acts of the Apostles, axa 134.“ Ele be míanye dɔwɔlawo ɖekae kple dziƒo ma-wudɔlawo le Yesu tsɔtsɔ yi xexeame gbɔe me. elabena ele be amegbetɔ nanye mɔ si dzi míato aɖo dze kple ameg-betɔ. Eye ne míetsɔ mía ɖokui na Kristo le dzi blibo me la, mawudɔlawo gakpɔa dzidzɔ ake be yewoaƒo nu to míaƒe gbewo me atsɔ aɖe Mawu ƒe lɔlɔ̃ afia.”—The Desire of Ages, axa 297.c. Amekae nye kpɔɖeŋu na mawudɔlawo le Nyaɖeɖefia 14:6–12 kple woƒe dɔdasi? Mateo 28:19, 20; Dɔwɔwɔwo 1:8.“Woɖe mawudɔlawo fia be wole dzodzom le dziƒo ti-tina , hele gbeƒã ɖem nuxlɔ̃amegbedasi na xexeame [...] Ame aɖeke mesea mawudɔla siawo ƒe gbe o, elabena wonye kpɔɖeŋu na Mawu ƒe dukɔ siwo le dɔ wɔm le ɖekawɔwɔ me kple dziƒo xexeame katã.”— Selected Messages, bk. 2, axa 387.
2. MAWUDƆLA GBÃTƆ Dzo, Ma 8
a. Ameka gbɔe mawudɔla gbãtɔ tsɔa eƒe gbedasia yinae? Nyaɖeɖefia 14:6 .“Wogblɔ mawusubɔsubɔ ƒe nyɔnyrɔ̃ gã aɖe le Kristo ƒe vava kpuie ƒe gbeƒãɖeɖe te le nyagblɔɖi me le mawudɔla gbãtɔ ƒe gbedasi si le Nyaɖeɖefia 14 lia me. Mawudɔla la ƒe dzodzo ‘le dziƒo titina,’ ‘gbe sesẽ’ si wotsɔ doa nuxlɔ̃amea, kple eƒe gbeƒãɖeɖe na ‘amesiwo katã le anyigba dzi’-’na dukɔ sia dukɔ, kple ƒometɔwo, kple aɖe, eye amewo ƒe—ɖo kpe alesi habɔbɔa le du dzi kple alesi wòkeke ta le xexeame katã dzi.”— The Great Controversy, axa 355.b. Aleke mawudɔla gbãtɔ he susu yi Mawu dzi be eyae nye Wɔla? Nyaɖeɖefia 14:7; Mose I, 1:1; Efesotɔwo 3:9 .c. De ŋugble le alesi Kristo ƒe vava Mɔkpɔla habɔbɔ tsɔ mawudɔla gbãtɔ ƒe gbedasi kple ʋɔnudɔdrɔ̃a sɔ kple woƒe gbeƒãɖeɖe tso Kristo ƒe vava kpuie ŋu. Daniel 7:26, 27; 8:14; Dɔwɔwɔwo 17:30, 31 .“Wotsɔe na William Miller kple eƒe dɔwɔhatiwo be woaɖe gbeƒã nuxlɔ̃amea le Amerika. Dukɔ sia va zu Kristo ƒe vava Mɔkpɔla habɔbɔ gã la ƒe titina. Afisiae mawudɔla gbãtɔ ƒe gbedasi ƒe nyagblɔɖi va eme tẽ wu le. Wotsɔ Miller kple eƒe hadɔwɔlawo ƒe nuŋɔŋlɔwo yi didiƒenyigbawo dzi. Afisiafi si mawunyadɔgbedelawo ge ɖo le xexeame katã la, woɖoa Kristo ƒe tɔtrɔgbɔ kabakaba ƒe dzidzɔnya la ɖa le didiƒe ʋĩ nyanyui mavɔ la ƒe gbedasi: ‘Mivɔ̃ Mawu, eye mitsɔ ŋutikɔkɔe nɛ; elabena Eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ ƒe gaƒoƒo la de. ’“Nyagblɔɖiawo ƒe ɖaseɖiɖi si dze abe ɖe wòfia asi Kristo ƒe vava le ƒe 1844 ƒe kele me ene la xɔ ameawo ƒe susu me goŋgoŋ. Esi gbedasia nɔ yiyim tso dukɔ ɖeka me yi bubu me la, nyɔ ɖetsɔleme si bɔ ɖe afisiafi. Ame geɖe ka ɖe edzi be nyaʋiʋli siwo tso nyagblɔɖiɣiwo me la sɔ, eye, esi wotsɔ woƒe nukpɔsusu ƒe dada sa vɔe la, wotsɔ dzidzɔ xɔ nyateƒea. Subɔla aɖewo tsɔ ɖe le eme." woƒe kɔmamãwo ƒe nukpɔsusuwo kple seselelãmewo, gblẽ woƒe fetu kple woƒe sɔlemehawo ɖi, gake subɔla ʋɛ aɖewo koe nɔ anyi siwo axɔ gbedasi sia, eyata wotsɔe na sɔlemeha mavɔ̃mawuwo kple xexe si mlɔ anyi le vɔ̃ɖinyenye me, eye wodo agba na wo do dzi le kutrikuku, hiãkame, kple fukpekpe me, bena woayɔ amewo be woatrɔ dzime ayi ɖeɖekpɔkpɔ me Togbɔ be Satana tsi tre ɖe wo ŋu hã la, dɔa yi ŋgɔ madzudzɔmadzudzɔe, eye ame akpe geɖewo xɔ vava ƒe nyateƒea.”— Afim., axa 368.
3. MAWUDƆLA EVELIA Bra, Ma 9
a. Nya kae mawudɔla evelia gblɔ tso gbɔgbɔmenɔnɔme si le hame si gblɔ be Kristo ƒe hamea le ŋu? Nyaɖeɖefia 14:8 .“Nukae nye wein ma?— Eƒe alakpanufiafiawo. Ena alakpa Sabat xexeame ɖe se enelia ƒe Sabat teƒe, eye wògbugbɔ gblɔ alakpanya si Satana gblɔ na Xawa zi gbãtɔ le Eden—luʋɔ ƒe dzɔdzɔme makumakunyenye. Vodada geɖe siwo sɔ kple wo nɔewo siwo wòkaka le didiƒe ʋĩ, ‘efia amegbetɔwo ƒe sededewo na nufiafiawo’ (Mateo 15:9).”— Selected Messages, bk. 2, axa 118.“Babilon nɔ nufiafia siwo me aɖi le, si nye vodada ƒe wein, tum ɖo.Alakpanufiafiawoe wotsɔ wɔ vodada ƒe wein sia, abe luʋɔ ƒe dzɔdzɔme makumakunyenye, ame vɔ̃ɖiwo ƒe funyafunya mavɔ, gbegbe be Kristo menɔ anyi do ŋgɔ hafi wodzii le Betlehem o, kple kwasiɖaa ƒe ŋkeke gbãtɔ taʋiʋli hedoe ɖe dzi wu Mawu ƒe ŋkeke kɔkɔe kple si ŋutsi wòkɔ la ene. Hame vovovoawo tsɔa vodada siawo kple esiwo do ƒome kplii la ɖoa ŋkume na xexeame, eye aleae Ŋɔŋlɔ siwo gblɔ be, ‘Elabena dukɔwo katã no eƒe ahasiwɔwɔ ƒe dziku ƒe wein’ la va eme. ”— Testimonies to Ministers, axa 61, 62.b. Ðe alesi Mɔkpɔla Habɔbɔa me xɔsetɔwo se woƒe dziɖeleameƒo gbãtɔ, ŋkeke 2300 ƒe nuwuwu vavãtɔ si ŋu woke ɖo, kple woƒe yɔyɔ be woaɖe wo ɖokui ɖa tso amesiwo gbe gbedasia gbɔ gɔme. Xabakuk 2:3; Mateo 25:6 .“Le ƒe 1844 ƒe dzomeŋɔli, le ɣeyiɣi si me wosusu zi gbãtɔ be ŋkeke 2300 la awu enu, kple ƒe ma ke ƒe adame, si me wova kpɔe emegbe be wokeke ta ɖo dome la, woɖe gbeƒã gbedasi la le Ŋɔŋlɔa me nyawo ŋutɔ me be: ‘Kpɔ ɖa, Ŋugbetɔsrɔ̃ la gbɔna!’“Nusi ʋã habɔbɔ siae nye be wova ke ɖe eŋu be Artax-sasta ƒe sedede be woagbugbɔ Yerusalem aɖo anyi, si nye ŋkeke 2300 ƒe ɣeyiɣia ƒe gɔmedzedze la, dze dɔwɔwɔ gɔme le ƒe 457. eye menye le ƒea ƒe gɔmedzedze abe alesi woxɔe se tsã ene o. Tso ƒe 457 ƒe adame la, ƒe 2300 la wu enu le ƒe 1844 ƒe adame.”— The Great Controversy, axa 398, 399.“Abe alesi hameawo gbe mawudɔla gbãtɔ ƒe gbedasi la xɔxɔ ene la, wogbe kekeli si tso dziƒo eye wodze anyi tso Mawu ƒe amenuveve me. Woɖo ŋu ɖe woawo ŋutɔ ƒe ŋusẽ ŋu, eye to tsitretsitsi ɖe gbedasi gbãtɔ ŋu me la, wotsɔ wo ɖokui da ɖe afisi womate ŋu akpɔ mawudɔla evelia ƒe gbedasi ƒe kekeli o. Gake Mawu ƒe lɔlɔ̃tɔ siwo wote ɖe anyi la xɔ gbedasi si nye, ‘Babilon mu,’ eye wodzo le hameawo me.”— Early Writings, p. 237.
4. MAWUDƆLA ETƆ̃LIA Ku, Ma 10
a. Nuxlɔ̃ame wɔnuku kae tso mawudɔla etɔ̃lia gbɔ? Nyaɖeɖefia 14:9–11 .“Afɔku dziŋɔtɔ kekeake si woɖo ɖe ame kukuwo ŋu kpɔ la dze le mawudɔla etɔ̃lia ƒe gbedasi me. Eku ɖe nuvɔ̃ nyɔŋu aɖe si hea Mawu ƒe dɔmedzoe nublanuikpɔkpɔ suetɔ kekeake manɔmee ŋu. Mele be woagblẽ ameƒomea ɖe manyamanya me le nya vevi sia ŋu o; ele be woatsɔ nuxlɔ̃ame si ku ɖe nuvɔ̃ sia ŋu la ana xexeame hafi Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ nadze anyi, ale be amewo katã nase nusita woahe to na wo gɔme eye mɔnukpɔkpɔ nasu wo si be woasi le enu. Nyagblɔɖia ɖɔe be mawudɔla aɖe si le dzodzom le yame ye ɖe gbeƒãe sesĩe; eye wòalé xexeame katã ƒe susu. ”—The Great Controversy, axa 449, 450.b. Le mawudɔla etɔ̃lia ƒe gbedasi ƒe ɣeyiɣia me la, aleke woɖea ame kɔkɔewo ɖe vovo? Nyaɖeɖefia 14:12 .“Mawu subɔlawo ato vovo vevietɔ to woƒe bubudede se enelia ŋu me, elabena esiae nye Mawu ƒe nuwɔwɔŋusẽ ƒe dzesi kple ɖaseɖiɖi le Eƒe nya si wògblɔ ɖe amegbetɔ ƒe bubu kple bubudede eŋu ŋu.... Le nyaʋiʋlia me la, woama Kristodukɔa katã ɖe hatsotso gã eve me, amesiwo léa Mawu ƒe sededewo kple Yesu ƒe xɔse me ɖe asi, kple amesiwo subɔa lã wɔadã la kple eƒe nɔnɔme, eye woxɔa eƒe dzesi. Togbɔ be sɔlemeha kple dziɖuɖu awɔ ɖeka ƒe ŋusẽ atsɔ azi amewo katã dzi, ‘ame suewo kple gãwo, kesinɔtɔwo kple ame dahewo, ablɔɖeviwo kple kluviwo siaa,’ be woaxɔ lã wɔadã la ƒe dzesi, ke hã Mawu ƒe amewo maxɔe o. Nyaɖeɖefia 13 : 16.”— Testimonies for the Church, babla 9, axa 16, 17.c. Aleke woɖɔ mawudɔla etɔ̃lia ƒe gbedasi ƒe dodo? Nyaɖeɖefia 7:2, 3 .“Le kpekpe aɖe si wowɔ le Dorchester, Mass., Ade-amakpɔxe, 1848 me la, wona nukpɔsusu aɖem le gbeƒãɖeɖe nutrenu gbedasi la ŋu, kple nɔviawo ƒe dɔdasi be woata kekeli si nɔ keklẽm ɖe míaƒe mɔ dzi."“Esi medo le ŋutega me vɔ la, megblɔ na srɔ̃nye be: 'Gbedasi aɖe le asinye na wò. Ele be nàdze pepa sue aɖe tata gɔme eye nàɖoe ɖe ameawo. Na wòanɔ sue le gɔmedzedzea me; gake esi ameawo le nu xlẽm la, woaɖo mɔnu siwo dzi nàto ata la ɖe wò, eye wòanye dzi-dzedzekpɔkpɔ tso gɔmedzedzea me ke. Tso gɔmedzedze sue sia dzi la, woɖee fiam be ele abe kekeli ƒe tɔsisi siwo kɔ ɖe xexeame godoo ene.’ ”— Life Sketches, axa 125.
5. GBEDASI LA ƑE NYA KƆKƆ Ya, Ma 11
a. Aleke yayra si woɖe gbeƒãe ku ɖe amesiwo ku le xɔse me le gbeƒãɖeɖe mawudɔla etɔ̃lia ƒe gbedasia me ŋu la ava emee? Nyaɖeɖefia 14:13; Daniel 12:2 .“Zãtitinae Mawu tiae be yeaɖe yeƒe amewo.Esi ame vɔ̃ɖiwo nɔ fewu ɖum le wo ŋu la, kasia ɣea do, eye wòklẽ le eƒe ŋusẽ me, eye dzinua tɔ ɖe teƒe ɖeka. Ame vɔ̃ɖiwo tsɔ movidzɔdzɔ kpɔ nukpɔkpɔa, esime ame kɔkɔeawo tsɔ dzidzɔ gã aɖe nɔ woƒe ɖeɖekpɔkpɔ ƒe dzesiwo kpɔm. Dzesiwo kple nukunuwo kplɔe ɖo kaba-kaba. Edze abe nusianu trɔ le eƒe dzɔdzɔmemɔ nu ene. Tɔsisiawo dzudzɔ sisi. Alilikpo dovi-viti kpekpewo va do hewɔ avu kple wo nɔe-wo. Ke ŋutikɔkɔe ƒe teƒe ɖeka si me kɔ, si me Mawu ƒe gbe do tso abe tsi geɖe ene, eye wòʋuʋu dziƒo kple anyigba. Anyigbaʋuʋu sesẽ aɖe dzɔ. Woʋu yɔdoawo, eye amesiwo ku le xɔse me le mawudɔla etɔ̃lia ƒe gbedasi te, hele Sabat la dzi kpɔm la, do tso woƒe aba siwo dzi ke le la dzi, wodo ŋutikɔkɔe na wo, be yewoase ŋutifafa ƒe nubabla si wòle be Mawu nabla kple amesiwo lé Eƒe se me ɖe asi.”— Early Writings, axa 285.b. Nukae adzɔ le mawudɔla etɔ̃awo ƒe gbedasiwo ƒe nuwuwu? Nyaɖeɖefia 14:14–16; Marko 4:26–29 .“Mekpɔ mawudɔlawo wonɔ du dzi nɔ yiyim nɔ gbɔgbɔm le dziƒo. Mawudɔla aɖe si tsɔ agbalẽŋlɔla ƒe kplu le eƒe axadzi trɔ gbɔ tso anyigba dzi eye wòka nya ta na Yesu be wowu yeƒe dɔ nu, eye woxlẽ ame kɔkɔeawo eye wotre wo nu. Tete mekpɔ Yesu, amesi nɔ subɔsubɔm le aɖaka si me se ewoawo le la ŋgɔ la, etsɔ dzudzɔdonu la ƒu gbe. Ekɔ eƒe asiwo ɖe dzi, eye wògblɔ kple gbe sesẽ be, ‘Wowɔe vɔ.’ ”— Afim., axa 279.
AME ÐOKUI ƑE NYABIASEWO Fi, Ma 12
1. Nu ka tae Mawu na gbeƒãɖeɖe nyanyuia nɔ te ɖe amegbetɔwo ƒe dɔlawo dzi?2. Aleke mawudɔla gbãtɔ ƒe gbedeasia va ɖo xexeame godoo?3. Gblɔ susu si tae mawudɔla evelia ƒe gbedasia na.4. Vovototo kae mawudɔla etɔ̃lia ƒe gbedeasia te gbe ɖe edzi?5. Nudzɔdzɔ kae adzɔ ne wowu mawudɔla etɔ̃awo ƒe gbedasiawo nu?