Ʋɔ driba la, Nyɔnu la, kple Susɔe la Kpukpui Srɔ̃gblɔ: “ Eye dzi ku ʋɔ driba la ɖe nyɔnua ŋuti, eye wòdzo yi aʋa wɔ ge kple nyɔnua ƒe ƒome, siwo susɔ, amesiwo lea Mawu ƒe seawo me ɖe asi, eye Yesu ƒe ɖaseɖiɖi le wo si la.” (Nyaɖeɖefia 12:17).
Nuxexlẽ si wona:
The Great Controversy, axa 582–592.
“ Womagade bubu dzitsinya ƒe ablɔɖe, si xɔ asi alea gbegbe la ŋu o. Le ʋiʋli si gbɔna me la, míakpɔ nyagblɔɖila la ƒe nyawo wòava eme.”— The Great Controversy, axa 592.
1. SƆLEMEHA SI WOÐE ÐE GO Kwa, Da 24
a. Nukae wokpɔ le Yohanes ƒe ŋutega enelia ƒe gɔmedzedze? Nyaɖeɖefia 12:1 .b. Le Biblia ƒe kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ me la, nukae wotrɔ asi le nyɔnu ŋu be wòatsi tre ɖi na? 2 Korintotɔwo 11:2; Ezekiel 23:2–4; Nyaɖeɖefia 17:3–6 .“Le Nyaɖeɖefia 17 me la, woɖe Babilon fia abe nyɔnu ene—nɔnɔmetata si wozãna le Biblia me abe hame aɖe ƒe dzesi ene, nyɔnu nyui aɖe si tsi tre ɖi na hame dza-dzɛ, nyɔnu vɔ̃ɖi aɖe si tsi tre ɖi na hame xɔsegbela.“Le Biblia me la, ƒomedodo si le Kristo kple Eƒe hamea dome ƒe nɔnɔme kɔkɔe si nɔa anyi ɖaa la tsi tre ɖi na srɔ̃ɖeɖe ƒe ɖekawɔwɔ. Aƒetɔ la tsɔ nubabla vevi aɖe kpe ɖe eƒe amewo ŋu, edo ŋugbe be yeanye woƒe Mawu, eye wodo ŋugbe be yewoanye Etɔ kple Etɔ ɖeɖeko. Eɖe gbeƒã be: ‘Mado ŋugbe na wò tegbee; ẽ, mado ŋugbe na wò le dzɔdzɔenyenye kple ʋɔnudɔdrɔ̃ kple amenuveve kple nublanuikpɔkpɔ me.’ Hosea 2:19. Eye, agate ŋu adzɔ be: ‘Meɖe wò.’ Yeremya 3:14. Eye Paulo zã nɔnɔmetata ma ke le Nubabla Yeyea me esi wògblɔ be: ‘Meɖe wò na srɔ̃ŋutsu ɖeka, ne matsɔ wò aɖo ɖe Kristo gbɔ abe ɖetugbui leaƒe dzadzɛ ene.’ 2 Korintotɔwo 11:2.”— The Great Controversy, axa 381.
2. SƆLEMEHA LA LE ƲIƲLI ME Dzo, Da 25
a. Aleke sɔlemeha la do kutri le mɔkpɔkpɔ na Mesia vi la me? Nyaɖeɖefia 12:2; Yesaya 9:6; Luka 2:25–32 .“Yakob ƒe nya mamlɛawo na mɔkpɔkpɔ yɔ Yudatɔ nuteƒewɔlaawo me fũ: “Fiakplɔ la madzo le Yuda o, eye dziɖula ƒe atikplɔ madzo le eƒe afɔwo dome o, va se ɖe esime amesi tɔ wònye la nava” (Mose I, 49:10). Israel ƒe ŋusẽ ƒe ɖiɖi ɖo kpe edzi be Mesia la ƒe vava gogo. Da-niel ƒe nyagblɔɖia gblɔ ŋutikɔkɔe si le eƒe dziɖuɖu ɖe fiaɖuƒe si ava xɔ ɖe anyigba dzi fiaɖuƒewo katã teƒe dzi; eye, nyagblɔɖila la gblɔ be, “anɔ anyi tegbee” (Daniel 2:44). Togbɔ be ame ʋɛ aɖewo koe se Kristo ƒe dɔdasi ƒe nɔnɔme gɔme hã la, mɔkpɔkpɔ si nɔ fiavi sẽŋu aɖe si aɖo eƒe fiaɖuƒe anyi le Israel eye wòana ablɔɖe dukɔwo la bɔ.“ Ɣeyiɣi ƒe blibonyenye va ɖo Amegbetɔƒomea, si ƒe alafa geɖe ƒe sedzidada gblẽ nu le eŋu geɖe wu la, do ɣli na ɖe Ðela la ƒe vava .”— The Desire of Ages, axa 34.b. Dukɔmeviŋusẽ kae ʋɔ driba dzĩ gã la ɖe fia? Nyaɖeɖefia 12:3 .“Le ʋɔ driba dzĩ gã aɖe, lã wɔadã si le abe sisiblisi ene, kple lã wɔadã si ƒe dzowo le abe alẽvi ene ƒe dzesiwo te la, wotsɔ anyigbadzidziɖuɖu siwo aƒo wo ɖokui ɖe Mawu ƒe sea dada kple Eƒe amewo yometiti me koŋ la ɖo Yohanes ŋkume.”— The SDA Bible Commentary [EG White Comments], babla 7, axa 972.c. Le ŋusẽ sia si le abe ʋɔ driba ene ta la, afɔku kae dze ŋgɔ hamea kple Mesia la? Nyaɖeɖefia 12:4 .“Satana nɔ dɔ wɔm be yeana atsiaƒu si le anyigba kple dziƒo dome la nade to eye womate ŋu ato eme o. Eto eƒe alakpanyawo dzi de dzi ƒo na amewo le nu vɔ̃ me. Enye eƒe tameɖoɖo be yeaɖe Mawu ƒe dzigbɔgbɔ blewu, eye yeatsi yeƒe lɔlɔ̃ na amegbetɔwo nu, ale be Yeagblẽ xexeame ɖe yeƒe ŋusẽ te.”— The Desire of Ages, axa 34, 35.“Satana, le dziƒo, lé fu Kristo ɖe eƒe ɖoƒe si le Mawu gbɔ ta. Elé fui geɖe wu elabena woɖe Eya ŋutɔ le fiazikpui dzi. Elé fu Ame si tsɔ eɖokui na be yeaɖe nuvɔ̃wɔlawo ƒe amegbetɔƒome aɖe. Ke hã, le xexe si me Satana gblɔ be yeɖu fia le me la, Mawu ɖe mɔ na Via be wòava, vi si mate ŋu aʋli eta o, si le amegbetɔ ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ te. Eɖe mɔ nɛ be wòadze ŋgɔ agbe me afɔkuwo abe ameg-betɔ ƒe luʋɔ ɖesiaɖe, be wòawɔ aʋa la abe alesi wòle be ameƒomea ƒe vi ɖesiaɖe nawɔe ene, le afɔku me be wòado kpo nu eye wòahe fɔbubu mavɔ.”— Afim., axa 49.
3. AƲAWƆWƆ LE DZIƑO Bra, Da 26
a. Gɔmesese kae woɖe fia Yohanes tso blema ŋu, eye nukae wòfia? Nyaɖeɖefia 12:7–9 .“Tsitretsitsi ɖe Mawu ƒe se ŋu dzɔ tso dziƒoxɔwo me, eye Lusifa, kerubi si nye dzɔla la gbɔ. Satana di vevie be yeaxɔ nɔƒe gbãtɔ le dziƒoɖaŋuɖotakpekpewo me eye yeava zu Mawu ƒe ame si sɔ kplii. Edze eƒe aglãdzedzedɔa gɔme le mawudɔla siwo le eƒe kpɔkplɔ te dome, henɔ didim be yeaƒã dzimaɖitsitsi. Ewɔ nu kple ayemɔ ale gbegbe be mawudɔla geɖewo ƒo ƒu ɖe eƒe nya la ŋu hafi wova nya eƒe tameɖoɖowo bliboe gɔ̃ hã. Mawudɔla wɔnuteƒetɔwo kekeake gɔ̃ hã mete ŋu de dzesi eƒe nɔnɔme ŋutɔŋutɔ alo kpɔ afisi eƒe dɔa akplɔe ayi do ŋgɔ o. Esi wòte ŋu ɖu mawudɔla geɖe dzi va eƒe nya la dzi ko la, Satana tsɔ eƒe nya la va Mawu ŋkume, hegblɔ be mawudɔlawo di be yeaxɔ ɖe Kristo teƒe.“Vɔ̃ɖinyenye yi edzi nɔ dɔ wɔm vaseɖe esime dzimaɖitsitsi va trɔ zu aglãdzedze vevie. Emegbe aʋa dzɔ le dziƒo, eye wonya Satana kple eƒe veveseseɖeamenulawo katã do goe.”— The SDA Bible Commentary [EG White Comments], babla 7, axa 972, axa 973.b. Aleke gbeƒãɖeɖe si le Nyaɖeɖefia 12:10, 11 ɖee fia be wowu Satana nyanya le Yesu ƒe subɔsubɔdɔa me nu?“Kristo tsɔ nyagblɔɖi ƒe ŋku di nukpɔkpɔ siwo adzɔ le Eƒe dzre gã mamlɛtɔ me. Enya be ne yedo ɣli be, ‘Ewu enu la,’ dziƒo katã aɖu dzi. Eƒe to lé haƒoƒo si le didiƒe kple aʋadziɖuɖu ƒe ɣlidodo le dziƒoxɔwo me. Enya be woaɖi Satana ƒe fiaɖuƒea ƒe nuwuwu ɣemaɣi, eye woayɔ Kristo ƒe ŋkɔ tso xexeame yi xexeame katã.”— The Desire of Ages, axa 679.“Tameɖoɖo si keke ta wu eye wòde to wu amegbetɔ ƒe ɖeɖekpɔkpɔ dzro ko gɔ̃ hã nɔ ɖeɖekpɔkpɔ ƒe ɖoɖoa ŋu. Menye esia koe nye susu si ta Kristo va anyigba dzi ɖo o; menye be xexe sia me nɔlawo nabu Mawu ƒe se ŋu nyuie ko o; Gake enye nya si ku ɖe Mawu ƒe nɔnɔme ɖeɖefia le xexeame katã ŋkume... Kristo ƒe nuwɔna si nye be wòaku ɖe ameƒomea ƒe ɖeɖekpɔkpɔ ta la menye ɖeko wòana dziƒo nate ŋu aɖo ameƒomea gbɔ ko o, ke boŋ atso afia na Mawu kple Via hã le xexeame katã ŋkume le woƒe avuwɔwɔ kple Satana ƒe aglãdzedze me eye wòana Mawu ƒe sea ƒe anyinɔnɔ tegbee eye wòaɖe nuvɔ̃ ƒe nɔnɔme kple emetsonuwo afia.”—Patriarchs and Prophets, axa 68, 69.
4. AƲAWƆWƆ LE ANYIGBA DZI Ku, Da 27
a. Afɔku si dzi ɖe edzi kae woatsɔ ava sɔlemeha la me azɔ? Nyaɖeɖefia 12:12, 13 .“Esi Satana nya be woaxɔ fiaɖuƒe si yexɔ le ye si mlɔeba la, eɖoe be yemaɖe asi le agbagbadzedze aɖeke ŋu be yeatsrɔ̃ nuwɔwɔ siwo Mawu wɔ ɖe yeƒe nɔnɔme nu alesi wòate ŋui o. Elé fu amegbetɔ elabena Kristo ɖe lɔlɔ̃ kple veveseseɖeamenu si tsɔa kenae fiae, eye wòdzra ɖo azɔ be yeazã amebeble ƒomevi ɖesiaɖe atsɔ atsrɔ̃e; etsɔ ŋusẽ si dzi ɖe edzi ti yeƒe dɔa yome le eya ŋutɔ ƒe nɔnɔme si me mɔkpɔkpɔbuɖeame le ta.”— The SDA Bible Commen-tary [EG. White Comments], babla 7, axa 973, 974.“Masɔmasɔ gã si le nyui kple vɔ̃ dome la nu asẽ ɖe edzi va se ɖe ɣeyiɣia ƒe nuwuwu. Le ŋutinya katã me la, Satana ƒe dziku nɔ Kristo Hamea ŋu; eye Mawu kɔ eƒe amenuveve kple eƒe Gbɔgbɔ ɖe eƒe amewo dzi be wòado ŋusẽ wo eye wòana woate ŋu atsi tre ɖe Vɔ̃ɖi la ƒe ŋusẽ ŋu. Esi wòle be Kristo ƒe apostolowo natsɔ Eƒe Nyanyui la ayi xexeame eye woaŋlɔe ɖi na dzidzime siwo gbɔna la, Gbɔgbɔ la na kekeli klẽ na wo vevietɔ. Gake esi Sɔlemeha la gogo eƒe ɖeɖekpɔkpɔ mamlɛtɔ la, Satana awɔ nu kple ŋusẽ si dzi ɖe edzi... Eye sa-tana ƒe ayemɔ kple ayemɔ siwo katã woxɔ, ŋutasẽnuwɔwɔ siwo katã do mo ɖa le ʋiʋli siawo me le ƒeawo katã me la, woaɖe asi le wo ŋu ɖe Mawu ƒe amewo ŋu le aʋa mamlɛtɔ me. Eye le afɔku ƒe ɣeyiɣi sia me la, ele be Kristo yomed-zelawo naɖe gbeƒã Aƒetɔ la ƒe tɔtrɔgbɔ na xexeame; eye ele be dukɔ aɖe nadzra ɖo be yeatsi tre ɖe Eŋkume le Eƒe tɔtrɔgbɔ me, ‘kpɔtsotso alo ɖiƒoƒo aɖeke manɔmee’ (Petro II, 3:14). Le ɣeyiɣi sia me la, Mawu ƒe amenuveve kple ŋusẽ ƒe nu-nana tɔxɛa mehiã na Sɔlemeha la abe aposto-loawo ƒe ɣeyiɣiwo ene.”—The Great Controversy, axa 9, 10.b. Ƒo nu tso nu si me sɔlemeha la to le ƒe 1,260 siwo me wote ame ɖe anyi kple yometiti la me. Nyaɖeɖefia 12:6, 14 .c. Kpekpeɖeŋu kae va tsɔ he amegbetɔ ƒe dɔwɔƒe siwo ʋɔ driba la ɖo be yeazã ɖe nuteƒewɔlawo ŋu la ƒe amedzidzedzea ɖa? Nyaɖeɖefia 12:15,16.“Esi nya la kaka ɖe Europa-dukɔwo me, le anyigba si dzi ame sia ame ate ŋu ase vivi na eƒe dɔsesẽwɔwɔ ƒe kut-setsewo le ahawɔ ɖe eya ŋutɔ ƒe dzitsinya ƒe dzixɔsewo dzi la, ame akpe geɖe ƒo zi ɖe Xexeme Yeyea ƒe ƒuta.”— Afim., axa 296.
5. AME SUSƆEAWO Ya, Da 28
a. Esi ʋɔ driba la ƒe dziku ɖo eƒe kɔkɔƒe la, aleke woɖɔ nuteƒewɔlawoe? Nyaɖeɖefia 12:17 .“Amesi ɖe etsɔme fia, esi wònɔ ŋugble dem le nuwuɣia ŋu la, eɖe gbeƒã be: ‘Ʋɔ driba la do dziku ɖe nyɔnu la ŋu, eye wòyi ɖawɔ aʋa kple eƒe dzidzimevi mamlɛawo, amesiwo léa Mawu ƒe sededewo me ɖe asi, eye woléa woƒe ɖaseɖiɖi le Yesu Kristo ŋu me ɖe asi sesĩe’ (Nyaɖeɖefia 12:17). Amesiwo le anyigba dzi egbea dometɔ aɖewo akpɔ nya siawo wòava eme. Gbɔgbɔ ma ke si ʋã amewo tsã be woati wo yome Sɔlemeha vavãtɔ akplɔ wo le etsɔme be woawɔ nenema ke na amesiwo yi edzi wɔa nuteƒe na Mawu Xoxo la, wole dzadzram ɖo ɖe aʋa gã mamlɛ sia ŋu.”—Prophets and Kings, axa 605.b. Aleke ame susɔeawo ƒe nɔnɔmewo ɖɔ hamea le ŋkeke mamlɛawo me? Nyaɖeɖefia 14:12; 19:10.“Hame susɔea alɔ̃ ɖe Mawu dzi le Eƒe sea me eye nyagblɔɖi ƒe nunana nanɔ esi. Toɖoɖo Mawu ƒe se kple nyagblɔɖi ƒe gbɔgbɔ de vovototo Mawu ƒe ame vavãwo dome ɣesiaɣi, eye zi geɖe la, do-dokpɔwo dzena to kpɔɖeŋu ŋutɔŋutɔwo dzi.”— Loma Linda Messages, axa 33.“Woahe hame susɔea adze dodokpɔ kple xaxa gã aɖe me. Amesiwo léa Mawu ƒe sededewo kple Yesu ƒe xɔse me ɖe asi la ase ʋɔ driba la kple eƒe aʋakɔwo ƒe dziku. Sa-tana bu xexeame be wonye lãlénu, ekpɔ ŋusẽ ɖe xɔseg-belawo ƒe hameawo dzi; gake ha sue aɖe si le tsitre tsim ɖe eƒe gãnyenye ŋue nye esi.”— Testimonies for the Church, babla 9, axa 231.“Toɖoɖogbegbe Mawu ƒe sededewo, kple tameɖoɖo kplikpaa be yewoalé fu ame siwo ɖea gbeƒã se siawo o la hea aʋawɔwɔ si nu metsina o wu vɛ le ʋɔ driba la gome, amesi ɖea eƒe ŋusẽ katã ɖe go ɖe Mawu ƒe dukɔ siwo léa eƒe sededewo me ɖe asi ŋu”— Afim., babla 8, axa 117.
AME ÐOKUI ƑE NYABIASEWO Fi, Da 29
1. Nukatae wotsɔ nyɔnu wɔ kpɔɖeŋu na sɔlemeha la le Biblia me?2. Ðe afɔku si Mawu ƒe Vi la tsɔ va anyigba dzi abe amegbetɔ ene la me.3. Ɣekaɣie wowu Satana nyanyã tso dziƒo nu bliboe?4. Gblɔ nusita ʋɔ driba la do dziku ɖe hamea ŋu.5. Nɔnɔme kawoe míedina ne míele dzesi dem ame susɔeawo?