Daniel ƒe Ŋutega Gbãtɔ Kpukpui Srɔ̃gblɔ: “Maɖo ŋku anyi kpɔ be, dzo keme awɔ aʋa kple ame kɔkɔewo, eye wòɖu wo dzi. Mlɔeba la amegã ɖeɖi la va, eye wòtso afia na dziƒoʋĩtɔ la ƒe ame kɔkɔeawo, eye azã ɖe be, ame kɔkɔeawo naxɔ fiaɖuƒe la” (Daniel 7:21,22).
Nuxexlẽ si wona:
The Great Controversy, axa 479– 491;
Early Writings, axa 54–56.
“Esi míele xexe sia ƒe ŋutinya ƒe nuwuwu gogom la, nyagblɔɖi siwo Daniel ŋlɔ ɖi la bia be míalé ŋku ɖe wo ŋu etɔxɛe, elabena woku ɖe ɣeyiɣi si me míele la ŋu.”— Prophets and Kings, axa 547.
1. YA ENE, LÃ ENE Kwa, Afɔ 19
a. Ɣekaɣie Daniel kpɔ nyagblɔɖi ƒe ŋutega gbãtɔ, eye aleke wòwɔ nu ɖe eŋu? Daniel 7:1, 15, 16 (afã gbãtɔ).“Ɣeyiɣi kpui aɖe do ŋgɔ na Babilon ƒe anyidzedze, esi Daniel nɔ ŋugble dem le nyagblɔɖi siawo ŋu henɔ Mawu dim be wòase ɣeyiɣiawo gɔme la, wokpɔ ŋutega siwo kplɔ wo nɔewo ɖo ku ɖe fiaɖuƒewo ƒe dziyiyi kple woƒe anyidzedze ŋu . Le ŋutega gbãtɔ, abe alesi woŋlɔe ɖe Daniel ƒe agbalẽa ƒe ta adrelia me ene la, woɖe egɔme; ke hã menye wo katã me kɔ na nyagblɔɖila la o.”—Prophets and Kings, axa 553.b. Nukae dzɔdzɔmenu siwo wokpɔ la tsi tre ɖi na? Daniel 7:2; Nyaɖeɖefia 17:15; Yeremya 25:31–33 .c. Aleke mawudɔla la ɖe gɔmesese si le lã gã ene siwo fɔ la ŋu me? Daniel 7:3, 16 (akpa mamlɛtɔ), 17.“Wotsɔ fiaɖuƒe gã siwo ɖu xexea dzi la ɖo nyagblɔɖila Daniel ŋkume abe lã lénuwo ene.”— The Great Con-troversy, axa 439, 440.
2. FIAƉUƑE SIWO KPLƆ WONƆNƆE ƉO Dzo, Afɔ 20
a. Nukae nye lã eneawo dometɔ gbãtɔ, eye fiaɖuƒe kae wòtsi tre ɖi na? Daniel 7:4; Yeremya 50:17; Xabakuk 1:6–8 .“[Babilon] mena Mawu ƒe tameɖoɖo va eme o, eye esi Eƒe ɣeyiɣia de la, dada kple ŋusẽfiaɖuƒe sia, si dzi ame siwo ƒe tagbɔ kɔ wu ɖu la, gbã, wogbãe, eye womate ŋu awɔ naneke o. Kristo gblɔ be, ‘Nye manɔmee la, miate ŋu awɔ naneke o.” Babilon dukplɔla xɔŋkɔwo mebu wo ɖokui be yewole hiã Mawu o.Wosusu be yewoe wɔ yewoƒe gãnyenye kple kɔkɔenyenye katã. Ke esi Mawu ƒo nu la, wonɔ abe gbe ƒuƒu kple gbe ƒe seƒoƒo si nu yina ene. Mawu ƒe nya kple lɔlɔ̃nu ɖeɖeko nɔa anyi tegbee.— The Youth’s Instructor, September 29, 1903.b. Aleke wo ƒonu kuɖe lã wɔadã eveliae ŋu, eye fiaɖuƒe kae wòtsi tre ɖi na? Daniel 7:5 .“Woɖe mɔ na dukɔ ɖesiaɖe si va le afɔɖeɖea me be wòaxɔ nɔƒe le anyigba dzi, be woakpɔe ɖa be ana ‘Dzɔla kple Kɔkɔetɔ’ ƒe tameɖoɖo nava eme hã. Nyagblɔɖiwo de dzesi xexeame ƒe fiaɖuƒe gãwo ƒe dziyiyi kple anyidzedze—Babilon, Medo-Persia, Hela, kple Roma, abe alesi wònɔ le dukɔ siwo me ŋusẽ boo aɖeke mele o gome ene la, ŋutinya gbugbɔ yi wo dometɔ ɖesiaɖe ƒe dodokpɔɣi, wo dometɔ ɖesiaɖe do kpo nu, eƒe ŋutikɔkɔe nu yi, eƒe ŋusẽ dzo, eye bubu va xɔ eƒe nɔƒe.“Togbɔ be dukɔwo gbe Mawu ƒe gɔmeɖosewo, eye le gbegbe sia me la, wogblẽ woawo ŋutɔ ƒe gbegblẽ me hã la, egadze ƒã kokoko be Mawu ƒe tameɖoɖo, si ɖu dzi la nɔ dɔ wɔm to woƒe ʋuʋuwo katã me.”— Education, axa 176, 177.c. Nu tɔxɛ kawoe de dzesi lã etɔ̃lia, si tsi tre ɖi na Hela-fiaɖuƒea? Daniel 7:6 .“Ne ɖe fiaɖuƒe vovovo siawo na Yehowa vɔvɔ̃ nɔ wo ŋkume ɣesiaɣi la, anye ne wona nunya kple ŋusẽ wo, si abla wo ɖekae eye wòana ŋusẽ nanɔ wo ŋu. Gake xex-eame fiaɖuƒewo dziɖulawo tsɔ Mawu wɔ woƒe ŋusẽ ne woɖe fu na wo eye wotɔtɔ ko.... Wozi wo dzi be woatsɔ aƒo nu na amesiwo ƒe susu dziƒokekeli klẽ ɖo, hena nya ɣaɣla siwo gɔme womete ŋu se o la me ɖeɖe.”— The Youth’s Instructor, September 29, 1903.
3. ROMA, FIAƉUƑE ENELIA Bra, Afɔ 21
a. Nukae na be nuƒoƒo kuɖe lã enelia ŋutsi le dzɔdzɔmenyawo me sesẽ alea gbegbe? Daniel 7:7 .“Gbɔgbɔ Kɔkɔe la tsi tre ɖi na xexemefiaɖuƒe siwo le lã wɔadã sesẽwo ƒe kpɔɖeŋu te, gake Kristo ya nye ‘Mawu ƒe Alẽvi, si ɖea xexeame ƒe nuvɔ̃ ɖa.’ Yohanes 1:29 ” Le Eƒe dziɖuɖu ƒe ɖoɖo me la, womewɔa ŋutasẽnuwɔwɔ aɖeke tsɔ zi dzitsinya dzi o”.—Christ’s Object Lessons, axa 77.“Wotsɔ atitsoga do ƒome kple Roma ƒe ŋusẽ. Enye ku ƒomevi si nye ŋutasẽnuwɔwɔ kple ŋukpetɔ kekeake ƒe dɔwɔnu. Wobia tso nuvlowɔla siwo bɔbɔ ɖe anyi wu si be woatsɔ atitsoga la ayi afisi woawui le; eye zi geɖe esi wole etsɔm ɖe woƒe abɔta la, wotsɔa ŋutasẽnuwɔwɔ si me mɔkpɔkpɔ bu ɖee tsi tre ɖe eŋu, vaseɖe esime woɖu wo dzi, eye wobla funyafunyawɔwɔ ƒe dɔwɔnu ɖe wo dzi.”—The Desire of Ages, 416, 417.b. Nukae wokpɔ le lã enelia ƒe dzowo dome? Daniel 7:8.“Le ƒe alafa adelia me la, papanyenye va li ke sesĩe. Woɖo eƒe ŋusẽnɔƒe ɖe fiaɖuƒedu la me, eye wogblɔ be Roma ƒe bisiɔp ye nye tatɔ ɖe sɔlemeha bliboa dzi. Trɔ̃subɔsubɔ xɔ nɔƒe na papanyenye. Ʋɔ driba la tsɔ ‘eƒe ŋusẽ, kple eƒe zikpui, kple ŋusẽ gã’ na lã la. Nyaɖeɖefia 13:2. Eye azɔ wodze papa ƒe ameteteɖeanyi ƒe ƒe 1260 siwo wogblɔ ɖi le Daniel kple Nyaɖeɖefia. Daniel 7:25; Nyaɖeɖefia 13 : 5-7. Wozi Kristotɔwo dzi be woatiae be yewoaɖe asi le yewoƒe fɔmaɖimaɖi ŋu ahalɔ̃ ɖe papa ƒe kɔnuwɔwɔwo kple tadedeagu me, alo yewoagblẽ yewoƒe agbe le gaxɔwo me alo ye-woaku to fuwɔwɔ ame me , to ameblabla ɖe atsi ŋu, alo tatɔ ƒe fía te. Azɔ Yesu ƒe nyawo va eme be: ‘Dzilawo, nɔviŋutsuwo, ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo siaa ade mi asi; eye woana woawu mia dometɔ aɖewo. Eye amewo katã alé fu mi le Nye ŋkɔ ta.’ Luka 21:16, 17. Yometiti ʋu nuteƒewɔlawo dzi kple dziku si lolo wu tsã, eye xexeame va zu aʋawɔƒe gã aɖe. Kristo hamea kpɔ sitsoƒe le ameɖekɛgaxɔ kple viviti me ƒe ala-fa geɖe. Ale nyagblɔɖila la gblɔe nye esi: ‘Nyɔnu la si yi gbedzi, afisi Mawu dzra teƒe ɖo nɛ le, bena woanyii le afima ŋkeke akpe ɖeka alafa eve blaatɔ̃.’ Nyaɖeɖefia 12:6 Azɔ Yesu ƒe nyawo va eme be: ‘Dzilawo, nɔviwo, kple ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo siaa ade mi asi; Luka 21:16, 17. Yometiti ʋu nuteƒewɔlawo dzi kple dziku si lolo wu tsã, eye xexeame va zu aʋawɔƒe gã aɖe ƒe alafa geɖe la, Kristo ƒe hamea kpɔ sitsoƒe le ameɖekɛgaxɔ kple viviti me ale nyagblɔɖila la gblɔe nye esi: ‘Nyɔnu la si yi gbedadaƒo, afisi Mawu dzrae ɖo le, bena woana nuɖuɖui le afima ŋkeke blaade etɔ̃.’ Nyaɖeɖefia 12:6.”— The Great Con-troversy, axa 54,55.c. Nukae Daniel di be yeanya le ŋutega la kpɔkpɔ vɔ megbe? Daniel 7:19, 20 .
4. DZO SUE Ku, Afɔ 22
a. Nukae mawudɔla la ɖe ku ɖe lã enelia dziŋɔ si tsi tre ɖi na Roma Fiaɖuƒea ŋu? Daniel 7:23.b. Nukae woɖe fia tso dzo sue la ŋu? Daniel 7:24 .“Rome fiaɖuƒe gã la gbã gudugudu, eye ŋusẽ sesẽ ma, si nye Roma Katolikoha la, do tso eƒe glikpowo me. Sɔlemeha sia ƒoa adegbe le eƒe vodadamanɔmanɔ kple eƒe domenyiŋusẽ ƒe subɔsubɔ ŋu. Gake subɔsubɔha sia nye ŋɔdzinu na amesiwo katã nya nuvɔ̃ɖiwɔwɔ ƒe nya ɣaɣla la ƒe nya ɣaɣlawo. Sɔlemeha sia ƒe nunɔlawo léa woƒe dziyiyi me ɖe asi Mawu ƒe lɔlɔ̃nu manyamanya me, abe alesi woɖee fia le Ŋɔŋlɔawo me ene.”— The Youth’s Instructor, September 22, 1903.c. Ameka ŋue kpẽ ƒe ŋusẽ sue la ƒe dziku anɔ? Daniel 7:21, 25 .“Roma Hamea ƒe dziɖuɖume gãnyenyenye Vivitiɣey-iɣiawo ƒe gɔmedzedze. Esi eƒe ŋusẽ nɔ dzidzim ɖe edzi la, viviti la gade to ɖe edzi. Woɖe xɔse tso Kristo, gɔmeɖoanyi vavãtɔ gbɔ, yi na Roma papa. Le esi teƒe be woaɖo ŋu ɖe Mawu ƒe Vi la ŋu hena nuvɔ̃wo tsɔtsɔke kple ɖeɖekpɔkpɔ mavɔ la, ameawo kpɔ mɔ na papa la, kple nunɔlawo kple sɔlemehakplɔla siwo wòtsɔ ŋusẽ de asi na.Wo wofiae be papa lae nye woƒe anyigba dzi domenɔla eye be ame aɖeke mate ŋu ate ɖe Mawu ŋu o negbe to eyama dzi ko, eye, hekpe ɖe eŋu la, be etsi tre ɖe Mawu teƒe na wo eye le esia ta ele be woawɔ ɖe edzi le mɔ si me kɔ nu be woahe tohehe sesẽtɔ kekeake si ana woava srã agɔdzelawo ƒe ŋutilã kple luʋɔ kpɔ. Ale wotrɔ dukɔa ƒe susu ɖa tso Mawu gbɔ yi ame siwo da vo, siwo da vo, kple ŋutasẽla gbɔ, ke menye geɖe wu la, na viviti me fia la ŋutɔ, amesi zã eƒe ŋusẽ to wo dzi o. Wotsɔ kɔkɔenyenye ƒe awu ɣla nuvɔ̃. Ne wotsi Ŋɔŋlɔawo nu, eye amegbetɔ va bu eɖokui be yede ŋgɔ wu la, ameta-fatafa, amebeble, kple nuvɔ̃ɖinyenye si bɔbɔa ame ɖe anyi koe wòle be míadi. Esi amegbetɔ ƒe sewo kple kɔnyinyiwo do ɖe dzi la, nufitifitiwɔwɔ si dona tso Mawu ƒe sea ɖeɖeɖa me ɣesiaɣi la dze.“Ŋkeke mawo nye afɔkuŋkekewo na Kristo ƒe hamea. Aflagatsɔla wɔnuteƒeawo mesɔ gbɔ o vavã. Togbɔ be womegblẽ nyateƒea ɖi ɖasefo manɔmee o hã la, edzena ɣeaɖewoɣi be vodada kple aʋatsodzixɔse aɖu dzi bliboe, eye woanya mawusubɔsubɔ vavãtɔ ɖa le anyigba dzi. Nyanyui la bu, gake mawusubɔsubɔ ƒomeviwo dzi ɖe edzi, eye ameawo tsɔ nya sesẽwo do agba nusiwo wobia tso ame si.”— The Great Controversy, axa 55.
5. ƲƆNUDƆDRƆ̃A Ya, Afɔ 23
a. Nukae adzɔ si ahe dzo sue la ƒe ŋusẽ nu ayi? Daniel 7:26 .“Ɣleti blaene vɔ eve [si le Nyaɖeɖefia 13:5] la sɔ kple 'ɣeyiɣi kple ɣeyiɣiwo kpakple ɣeyiɣi ƒe mama,' ƒe etɔ̃ kple afã, alo ŋkeke 1260, si Daniel 7-ɣeyiɣi si me wòle be papa ƒe ŋusẽ nate Mawu ƒe amewo ɖe anyi. Ɣeyiɣi sia... dze egɔme tso papa ƒe dziɖuɖu ƒe gãnyenye dzi, a.d. 538, eye wòwu enu le ƒe 1798 me. Ɣemaɣi la, wowɔ papa la aboyo esi Franse-srafowo lé aboyoe la, papa ƒe ŋusẽ gaxɔ eƒe abi si wua ame, eye nyagblɔɖia va eme be, ‘Amesi akplɔ ame ayi aboyo me la ayi aboyo me’”— The Great Controversy, axa 439.b. Aleke woɖɔ ʋɔnudɔdrɔ̃a ƒe anyinɔƒee? Daniel 7:9, 10, 13 .“Kristo ƒe vava si ŋu woƒo nu tsoe le afisia menye Eƒe vava zi evelia le anyigba dzi o. Eva Ŋkekewo ƒe Blematɔ la gbɔ le dziƒo be yeaxɔ dziɖuɖu kple ŋutikɔkɔe kpakple fiaɖuƒe, si woanae le Eƒe dɔ si wòwɔ abe avuléla ene ƒe nuwuwu.”— Afim., axa 480.c. Nukae ado tso ʋɔnudɔdrɔ̃a me? Daniel 7:11, 14, 18, 22, 26, 27 .“Ðeɖekpɔkpɔ ƒe ɖoɖo gã la hea xexeame gbugbɔna vaa Mawu ƒe amenuveve me bliboe. Wogbugbɔa nusiwo katã bu to nuvɔ̃ me la ɖoa anyi. Menye amegbetɔ ɖeɖekoe wogbugbɔ xɔ o ke boŋ anyigba hã, be wòanye toɖolawo ƒe nɔƒe mavɔ. Ƒe akpe ade sɔŋ enye sia si Satana ʋli vevie be yealé anyigba la me ɖe asi. Azɔ Mawu ƒe tameɖoɖo gbãtɔ le ewɔwɔ me la va eme. 'Dziƒoʋĩtɔ la ƒe ame kɔkɔewo axɔ fiaɖuƒe, eye fiaɖuƒe la nazu wotɔ tegbee, tegbee tegbee gɔ̃ hã.’ Daniel 7:18.”— Patriarchs and Prophets, axa 342.
AME ÐOKUI ƑE NYABIASEWO Fi, Afɔ 24
1. Ƒo nu tso lã ene siwo Daniel kpɔ wonɔ dodom tso atsiaƒu me la ŋu.2. Yɔ fiaɖuƒe siwo ƒe kpɔɖeŋu lã wɔadãwo wɔ, kple alesi woƒe nɔnɔmewo va emee.3. Nukae na dzo ƒe ŋusẽ sue la to vovo tso ŋusẽ bubu siwo woɖe fia gbɔ?4. Nya “gã” kawoe kpẽ ƒe ŋusẽ sue la gblɔ?5. Amekawoe ʋɔnudɔdrɔ̃a ana wòaɖu anyigba dzi, eye ɣekaɣie?